ƐNTƐNƐTI JI WEMADADOXU Watchtower Tɔ
Watchtower
ƐNTƐNƐTI JI WEMADADOXU
Aja
À
  • À
  • à
  • Á
  • á
  • É
  • é
  • È
  • è
  • Ɛ
  • ɛ
  • Ɖ
  • ɖ
  • Ó
  • ó
  • Ò
  • ò
  • Ú
  • ú
  • Ù
  • ù
  • Í
  • í
  • Ì
  • ì
  • Ɔ́
  • ɔ́
  • Ɔ̀
  • ɔ̀
  • Ɔ̌
  • Ӡ
  • ӡ
  • BIBLA
  • WEMAWO
  • BƆBƆWO
  • mwbr18 mai kpashi. 2-6
  • Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo (mai 2018)

Video ɖe deli nɔ ecɛ ci èsɔ o.

Mìɖe kuku, kɔpi nɔ video lɔ do go cukaɖa ɖeka.

  • Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo (mai 2018)
  • Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo—2018
  • Enyɔta hwɛhwɛwo
  • 7-13 MAI
  • 14-20 MAI
  • 21-27 MAI
  • 28 MAI–3 JUIN
Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo—2018
mwbr18 mai kpashi. 2-6

Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo

7-13 MAI

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | MAKI 7-8

“Sɔ efunɖenamɛci ao tɔ, yí akplɔŋ do tɛgbɛɛ”

nwtsty enumɛɖeɖe bu kudo Maki 8:34 nu

le gbe yiɖeki: Alo “yi ŋtɔ le tashi yi nuwo pleŋ.” Ecɛ dasɛ mɔ amɛ lɔ agbe yiɖeki keŋkeŋ so ji mɛ faa, alo asɔ yiɖeki pleŋ na Mawu. Woatɛnŋ agbezan Grɛki nyɔfɔkpe lɔ mɔ “éɖo anu mɔ o nɔ yiɖeki.” Ecɛ sɔgbe pɛɛ, ɖo enyɔfɔkpe lɔ atɛnŋ akudo amɛ ŋtɔ drowo, ŋbia, alo vovomɛnɔnɔ jiji le agbe mɛ nu. (2Kor 5:14, 15) Maki zan Grɛki dɔwanyɔ ɖekɛ ŋmɛ hwecinu yí edrekɔ lé Piɛ gbe Yesu do.​—Mk 14:30, 31, 72.

w92-F 1/8 17 mm. 14

Lé èle agbe ju lɔ lɔkɔ doɔ?

14 Yesu Kristo nu nɔ yi nukplaviwo koɖo mɛbu ciwo yí bɔ doju mɔ “Nɔ mɛɖe ji mɔ yeakplɔŋ doɔ,” “le gbe yiɖeki (alo, “éɖo anu mɔ ‘o’ nɔ yiɖeki,” Charles B. Williams) yí asɔ efunɖenamɛci yi tɔ keŋ akplɔŋ do matrɔmatrɔ.” (Maki 8:34; nwt) Nɔ mìlɔn do amɛyɔyɔ cɛ jiɔ, mìɖo ale gbesɔsɔ yí akplɔɛdo “matrɔmatrɔ.” Denyi ci mìje nɔ ŋɖe koŋ yí na mìawɛ ahan o, vɔ enu ci yí taɖo yí nyi mɔ zanŋtemanɔmanɔ na nɔ hwenu kleŋ ɖe, ci mɛ yí mìdagbebu enuwo kpɔ nywiɖe le o, atɛnŋ ana yí egbla ciwo pleŋ yí mìdo atrɔ enugbali, yí agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ mìwo tɔ can atɛnŋ abu. Vivivi yí mìwanɔ gbɔngbɔnmɛ ŋkɔyiyiwo, vɔ kaka yí wo pleŋ atrɔ nugbali, nɔ mìdele zanŋte gashiagamɛ o.

w08-EW 10/15 25-26 mm. 3-4

Nu Kae Nàtsɔ Asa Vɔe Bene Nànɔ Agbe Tegbee?

3 Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yesu bia nya eve aɖewo siwo nana wobua tame, be: “Viɖe kae wòanye na ame, be xexe blibo la katã nazu etɔ, gake wòabu eƒe luʋɔ?” kple be, “Nu ka koŋ ye ame atsɔ ana ɖe eƒe luʋɔ ta?” (Mk 8:36, 37) Le amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu nu gɔ̃ hã la, biabia gbãtɔa ŋu ɖoɖo mesesẽ o. Manye viɖe aɖeke na ame be xexe bliboa nasu esi evɔ wòabu eƒe agbe, alo eƒe luʋɔ o. Ne ame le agbe azã nunɔamesiwo koe viɖe nɔa wo ŋu. Gake Yesu ƒe biabia evelia si nye: “Nu ka koŋ ye ame atsɔ ana ɖe eƒe luʋɔ ta?” ya anya he eƒe nyaselawo ƒe susu yi Satana ƒe nutsotso si wòɖe gblɔ le Hiob ƒe ŋkekea me la dzi, be: ‘Amegbetɔ atsɔ nu siwo katã le esi la ana ɖe eƒe agbe ta.’ (Job 2:4) Ame aɖewo siwo mesubɔa Yehowa o la ate ŋu asusu be nyateƒee Satana to. Ame geɖewo le klalo awɔ nu sia nu​—aɖe asi le agbe nyui nɔnɔ ŋuti dzidzenu ɖe sia ɖe ŋu​—bene yewoayi edzi anɔ agbe le nuɖoanyi sia me ko. Gake Kristotɔwo ya mebua nuwo ŋu nenema o.

4 Míenya be menye ɖe Yesu va anyigba dzi be yeana lãmesẽ, kesinɔnu, kple agbe didi mí le xexe sia me o. Ke ɖee wòva ʋu agbe tegbee nɔnɔ le xexe yeyea me ƒe mɔnukpɔkpɔ na mí, eye agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ sia nye nu si ŋu míedea asixɔxɔe vevie. (Ʒan 3:16) Kristotɔ ase Yesu ƒe biabia gbãtɔa gɔme ale, “Viɖe kae wòanye na ame ne xexe bliboa su esi evɔ wòabu eƒe agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa?” Ŋuɖoɖoae nye be, Viɖe aɖeke kura manɔ eŋu o. (1 Ʒan 2:15-17) Bene míate ŋu aɖo Yesu ƒe biabia evelia ŋu la, anyo be míabia mía ɖokui be, ‘Nu kawo gbegbee malɔ̃ faa atsɔ asa vɔ fifia bene mate ŋu ava nɔ agbe le xexe yeyea me?’ Ale si míaɖo nya sia ŋu, si adze le ale si míele agbe nɔmee me la, aɖe ale si gbegbe mɔkpɔkpɔ ma nu sẽ le míaƒe dzi mee la afia.—Tsɔe sɔ kple Ʒan 12:25.

jy-EW 143 mm. 4

Ame Kae Nye Amegbetɔvi La?

Ɛ̃, hafi Yesu yomedzelawo nadze wòave wo nu la, ebia dzinɔameƒo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ. Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si akpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi wɔnuvɔ̃ sia me la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui ne eva le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.” (Maki 8:38) Eye ne Yesu va mlɔeba la, aɖo “eteƒe na ame sia ame ɖe eƒe nuwɔna nu.”​—Matie 16:27.

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

w16.08-EW 30 mm. 1-4

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae Yesu ƒe futɔwo tsi dzi ɖe asikɔklɔ ƒe nya ŋu vevie ɖo?

Asikɔklɔ nye nu geɖe siwo me Yesu ƒe futɔwo tsɔ nya ɖe eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le la dometɔ ɖeka ko. Le Mose ƒe Sea me la, woƒo nu tso nu siwo ana ame ŋu makɔ o ŋu, abe afuɖɔɖɔ kple asiɖoɖoanyi, anyidɔ alo kpodɔ, alo asikaka ame kuku alo lã kuku ŋu ene. Sea na mɔfiame siwo dzi ame si ŋu mekɔ o la azɔ ɖo be eŋu nakɔ. Ele be amea nasa vɔ, ale tsi alo anya awuwo, alo woahlẽ tsi ɖe eŋu.​—1 Ese Wema 11-15; Amɛ Hlɛnhlɛn 19.

Gake Yudatɔwo ƒe rabiwo tsɔ woawo ŋutɔwo ƒe se gbogbo aɖewo kpe ɖe eŋu. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be rabi siawo de se bubuwo ku ɖe nu vovovo siwo ate ŋu ana ame ŋu makɔ o kple ale si ame si ŋu mekɔ o ate ŋu aƒo ɖi ame bubuwo ŋu. Wogade sewo le nuzazã siwo ate ŋu azu nu makɔmakɔ kple esiwo mate ŋu azui o kpakple kɔnu siwo wòle be ame nawɔ be eŋu nakɔ ŋu.”

Yesu ƒe tsitretsiɖeŋulawo biae be: “Nukatae wò nusrɔ̃lawo mewɔna ɖe blematɔwo ƒe kɔnyinyiwo dzi o, ke boŋ woɖua nu kple asi ƒoɖi?” (Maki 7:5) Menye dzadzɛnyenye, si nye asikɔklɔ hafi aɖu nu, ƒe nya gblɔm hakplɔla siawo le o. Ke boŋ rabiwo ƒe kɔnyinyi si bia be ame aɖe nade tsi asi na yewo yewoaklɔ asi kple abɔ ŋu hafi aɖu nu ye wowɔnɛ. Numekugbalẽa gblɔ yi edzi be: “Wohe nya le ze si ƒomevi me woaku tsia ɖo hafi atrɔ ɖe asi ŋu, tsi si tɔgbi woazã kple abɔa ƒe afi si tututu wòle be woaklɔ ase ɖo hã ŋu.”

Nya kpui aɖe koe Yesu gblɔ tso amewo ƒe sedede siawo katã ŋu. Egblɔ na Yuda subɔsubɔhakplɔla mawo be: “Yesaya gblɔe ɖi nyuie le mi alakpanuwɔlawo ŋuti, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be, ‘Dukɔ sia le buyem kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso [nye Yehowa gbɔ]. Dzodzroe wole subɔyem, elabena amegbetɔwo ƒe sededewoe wofiana.’ Mieɖe asi le Mawu ƒe se la ŋu, ke mielé amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo ya me ɖe asi goŋgoŋ.”​—Maki 7:6-8.

w00-EW 2/15 17-18 mm. 9-11

Ðe “Kristo Ƒe Tamesusu” Le Asiwòa?

9 Ŋutsua ƒe to ku eye nu menya ƒona nɛ kura o. Ðewohĩ Yesu de dzesii be ŋutsua mevo le eɖokui me kura o eye ŋu nɔ ekpem. Emegbe Yesu wɔ nusi wɔ mo yaa vie. Eɖe kpɔ ŋutsua, kplɔe dzoe le ameawo dome. Emegbe Yesu wɔ dzesi aɖewo be ŋutsua nanya nusi wòdi be yeawɔ. Etsɔ “eƒe asibidewo ƒo ɖe ŋutsua ƒe to me, eye esi wòɖe ta la, eka asi eƒe aɖe ŋu.” (Maki 7:33, nwt) Emegbe Yesu kpɔ dziƒo eye wòdo gbe ɖa kple hũɖeɖe. Ŋutsua ase nuwɔna siawo gɔme be Yesu le gbɔgblɔm na ye be, ‘Nusi medi be mawɔ na wò la tso Mawu ƒe ŋusẽ me.’ Mlɔeba Yesu gblɔ be: “Ʋua!” (Maki 7:34) Enumake ŋutsua gate nusese, eye wòƒo nu nyuie.

10 Ameŋububu ka gbegbee nye si Yesu ɖe fia amewo! Woƒe seselelãme wɔ dɔ ɖe edzi, eye veveseseɖeamenu sia ʋãe be mewɔ nu wòte ɖe wo dzi o. Anyo be mí Kristotɔwo míatu Kristo ƒe tamesusu ɖo le go sia me ahaɖee afia. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Mi katã misusu nu ɖeka, ame nu nawɔ nublanui na mi; milɔ̃ mia nɔewo abe nɔviwo ene; miaƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu; mibɔbɔ mia ɖokui.” (1 Piɛ 3:8) Le nyateƒe me la, esia bia tso mía si be míaƒo nu ahawɔ nu wòaɖee afia be míebua amewo ƒe seselelãmewo ŋu.

11 Míate ŋu aɖe amewo ƒe seselelãmewo ŋu bubu afia le hamea me ne míedea asixɔxɔ wo ŋu hewɔa nu ɖe wo ŋu abe alesi míadi be woawɔe ɖe mía ŋui ene. (Matie 7:12) Ebia hã be míakpɔ nyuie le nya siwo míagblɔ kple alesi míagblɔe ŋu. (Kolosetɔwo 4:6) Ðo ŋku edzi be ‘nyagbɔgblɔ eŋumabumabui ɖe wòtɔa ame abe yi ene.’ (Elododo Wema 12:18) Ke le ƒomea me ya ɖe? Atsu kple asi siwo lɔ̃ wo nɔewo tututu la bua wo nɔewo ƒe seselelãmewo ŋu. (Efezitɔwo 5:33) Woƒoa asa na gbedadaɖeamegbɔ, ɖeklemiɖeɖe atraɖii, kple gbɔɖiamenya tɔamewo gbɔgblɔ​—esiawo katã na wosea veve eye enu mefana kaba o. Seselelãmewo le ɖeviwo hã me, eye dzila lɔ̃amewo bua wo ŋu. Ne ɖɔɖɔɖo hiã la, dzilawo naɖɔ wo ɖo wòafia be wonya wo viawo ƒe asixɔxɔ ale be ŋu nagakpe wo madzemadzee o. (Kolosetɔwo 3:21) Ne míeɖe ameŋububu fia alea la, ke míele eɖem fia be Kristo ƒe tamesusu le mía si.

14-20 MAI

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | MAKI 9-10

“Ŋtegannukpɔkpɔ ci yí do ŋsɛn xɔse”

w05-EW 1/15 12 mm. 9-10

Kristo​—Amesi Dzi Nyagblɔɖiwo He Susu Yii

9 Ƒe ɖeka kple edzivɔ va yi tso esime Yesu na kpeɖodzi siwo ŋu míeƒo nu le do ŋgɔ tso eƒe Mesianyenye ŋu. Woɖu ƒe 32 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia hã va yi vɔ. Amesiwo xɔ edzi se la dometɔ geɖe megadzea eyome o, ɖewohĩ le yometiti, ŋutilãmenudidi, alo agbemedzimaɖitsitsiwo ta. Ðewohĩ Yesu ƒe gbegbe be ameawo magatsɔ ye aɖo fia o anya na ame aɖewo tɔtɔ. Esi Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo tsɔ nya ɖe eŋu be wòana dzesi aɖe yewo tso dziƒo atsɔ ado eɖokui ɖe dzi la, egbe. (Matie 12:38, 39) Ðewohĩ eƒe gbegbe alea na ame aɖewo megava nɔ nya bliboa gɔme sem o. Gawu la, Yesu dze nya aɖe gbɔgblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo si gɔme menya le sesem na wo o​—“alesi wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye wòakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui.”​—Matie 16:21-23.

10 Le ɣleti asieke alo ewo aɖewo megbe la, ɣeyiɣia ade “bena [Yesu nadzo] le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ.” (Ʒan 13:1) Esi Yesu tsɔ ɖe le eme na eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo vevie ta la, edo ŋugbe na wo dometɔ aɖewo be yeana woakpɔ nusi yegbe ɖeɖe fia Yudatɔ xɔsemanɔsitɔawo​—si nye dzesi aɖe tso dziƒo. Yesu gblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi bena, ame aɖewo le amesiwo le tsi tre ɖe afisia la dome, siwo mele ku ɖɔ ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.” (Matie 16:28) Edze ƒã be menye ɖe Yesu le gbɔgblɔm be yeƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo anɔ agbe akpɔ Mesia Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi le ƒe 1914 me teƒe o. Nusi gblɔm Yesu lee nye be yeana yeƒe nusrɔ̃la kplikplikpliwo dometɔ etɔ̃ nakpɔ yeƒe Fiaɖuƒeŋusẽ ƒe ŋutikɔkɔe la ƒe kpɔɖeŋu wɔnuku aɖe. Ŋutega sia si wòna wokpɔ do ŋgɔ lae woyɔna be nɔnɔmetɔtrɔ la.

w05-EW 1/15 12 mm. 11

Kristo—Amesi Dzi Nyagblɔɖiwo He Susu Yii

11 Ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo, kple Yohanes yi to kɔkɔ aɖe dzi—ɖewohĩ Xermon-toa ƒe akpa aɖee woyi. Le afima la, Yesu ƒe “nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me, eye eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene.” Nyagblɔɖila Mose kple Eliya hã dze wokpɔ, henɔ dze ɖom kple Yesu. Anye zã mee nu wɔnuku sia dzɔ, si na wòdze nyuie wokpɔ. Le nyateƒe me la, edze nu ŋutɔŋutɔ na wo ale gbegbe be Petro gblɔ be yeawɔ agbadɔ etɔ̃—ɖeka na Yesu, ɖeka na Mose, eye ɖeka na Eliya. Petro mekpɔ ɖe nu le nyaa me o, kasia alilikpo keklẽ aɖe do vɔvɔli ɖe wo dzi eye wose gbe aɖe tso alilikpoa me gblɔ bena: “Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!”​—Matie 17:1-6.

nwtsty enumɛɖeɖe bu kudo Maki 9:7 nu

egbe: Ecɛ yí nyi zevetɔ le zetɔn ciwo mɛ yí Yehowa xo nuxu nɔ agbetɔwo tiin yí woŋwlɛn do eŋɛnywi wemawo mɛ ke.​—Kpɔ enumɛɖeɖe buwo kudo Maki 1:11; Ʒan 12:28 nu.

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

w08-EW 2/15 30 mm. 8

Nya Vevi Siwo Tso Marko Ƒe Agbalẽa Me

10:6-9. Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be srɔ̃tɔwo naku ɖe wo nɔewo ŋu. Eya ta mele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu natsɔ dzitsitsi be yewoagbe yewo nɔewo o, ke boŋ woadze agbagba atsɔ Biblia me gɔmeɖosewo akpɔ kuxi sesẽ ɖe sia ɖe si ado mo ɖa le woƒe srɔ̃ɖeɖea me la gbɔ.​—Mat. 19:4-6.

nwtsty enumɛɖeɖe buwo kudo Maki 10:17, 18 nu

Enukplamɛtɔ nywi: Le nyɔnɔnwi mɛɔ, ŋsu lɔ zan enyɔgbe “Enukplamɛtɔ nywi” shigbe mɔ bubuŋkɔ agogbetɔ ci yí deso ji mɛ hannɛ, ɖo sɛnsɛnŋkɔnɔtɔwo yí ӡin wo ji mɔ wo le yɔnɔ yewo ahan keŋ asɔ donɔ bubu yewo nu. Le nyɔnɔnwi mɛɔ, Yesu lɔn do ji mɔ amɛwo le kpɔ ye mɔ yenyi “Enukplamɛtɔ” koɖo “Axwetɔ” (Ʒan 13:13), vɔ ésɔ bubu lɔ pleŋ na Dalɔ.

Mɛɖe denyi amɛ nywi sɔ wu Mawu o: Yesu nya mɔ Yehowa gbɔ yí agbenywinɔnɔ se so. Yi ɖekɛ kpaŋ yí ɖo acɛ yí aɖo enu ci yí nyi enunywi koɖo enuvwin. Ci yí Adamu koɖo Ɛva gbe toɖoɖo yí ɖu aci ci yí nanɔ wojenɔshi enunywi koɖo enuvwin ɔ, woji mɔ yewoaɖo enu ci yí nyi enywi koɖo evwin nɔ yewoɖekiwo. To akpo nɔ Adamu koɖo Ɛvaɔ, Yesu sɔ yiɖeki hwe, yí tashi Dalɔ mɔ eyi je yí aɖo agbenywinɔnɔ sewo. Mawu nu enu ciwo yí nyi enywi to ese ciwo yí edo le yi Nyɔ lɔ mɛ ji, yí gbedre wo mɛ.—Mk 10:19.

21-27 MAI

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | MAKI 11-12

“Ésɔ sugbɔ do mɛ wu amɛwo pleŋ”

nwtsty enumɛɖeɖe buwo kudo Maki 12:41, 42 nu

enunana dakavi: Ʒuifuwo wema xoxuiwo nu mɔ wowa enunana dakavi lɔwo yí wo le shigbe mɔ ekpɛnwo, alo elanzowo hannɛ. Woɖe etu hwɛhwɛwo do tamɛ nɔ wo. Amɛwo sɔ enunana vovovowo donɔ wo mɛ. Wogbezan Grɛki nyɔgbe lɔ le Ʒan 8:20 mɛ, yí ɖe mɛ mɔ “enunana dakavi.” Ewa mɔ enyɔgbe cɛ hɛnnɔ susu yi texwe ɖeka ci yí le Nyɔnuwo Gbadenu ji. (Kpɔ enumɛɖeɖe bu kudo Matie 27:6 nu, koɖo Megbenya B11.) Sɔ koɖo Ʒuifu sɛnsɛnŋkɔnɔtɔwo wemawoɔ, enunana dakavi 13 yí wosɔ da do egli lɔwo nu trɔdo. Woxɔɛ se mɔ enunana daka gangan ɖeka le gbedoxɔ lɔ mɛ. Eyi mɛ yí wosɔ enunana ciwo yí wokpɔ le enunana dakaviwo mɛ kɔnɔ do.

ehoga hwɛhwɛ amɛve: Yi gɔnmɛɖeɖe tiin yí nyi “lɛpta amɛve.” Egbɔsusu nyɔgbe Grɛki tɔ ci yí nyi le·ptonʹ gɔnmɛ yí nyi enu ci yí hwe yí gbefla. Lepton ɖeka nyi ehoga ci yí sɔ koɖo denari ɖeka mama do texwe 128. Le nyɔnɔnwi mɛɔ, eyi nyi gajun hwɛhwɛtɔ ci wozan le Izraɛli.—Kpɔ Biblia Me Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒe, “Lepton,” koɖo Megbenya B14.

ciwo nu yí afixɔxɔ hwɛhwɛtɔ le: Yi gɔnmɛɖeɖe tiin yí nyi “ci yí nyi kuadra ɖeka.” Grɛki nyɔgbe ko·dranʹtes (ci woɖe so Latin nyɔgbe quadrans mɛ) hɛnnɔ susu yi Rɔmatɔwo gajun ji. Ésɔ koɖo denari ɖeka mama do texwe 64. Maki zan Rɔmatɔwo ho le lɛ yí sɔ dre afixɔxɔ ci yí le gajun ciwo yí Ʒuifuwo zan nu.​—Kpɔ Megbenya B14.

w97-F 15/10 16-17 mm. 16-17

Yehowa donɔ afixɔxɔ sumɔsumɔ ci yí èwanɔ koɖo ao ji pleŋ nu

16 Le ŋkeke ɖewo godu le Nisan 11 jiɔ, Yesu nɔ gbedoxɔ lɔ mɛ na nɔ hwenu jinjinɖe. Wosɔ nyɔ do acɛ yi tɔ nu, yí ena ɖoŋci nywiwo nɔ enyɔbiɔse ciwo yí kudo taganana, fɔnfɔnsoku, koɖo enyɔ buwo nu. Édo hwɛ esekplamɛtɔwo koɖo Farizitɔwo kudo enu sugbɔ nu. Le kpɔwɛ mɛ, énu mɔ “wo finɔ enuwo le kposhuwo shi.” (Maki 12:40) Le yi goduɔ, Yesu nɔ anyi do nyɔnuwo gbadenu. Sɔ koɖo Ʒuifuwo kɔnuwoɔ, hunnɔtɔxu yí wosɔ enunana dakavi 13 da do nɛ. Énɔ anyi na nɔ hwenu ɖe, yí lekɔ ŋkuvi do mɛ ciwo yí sɔ wowo nunanawo dokɔ dakavi lɔwo mɛ nu. Dɔkunɔ sugbɔ va, yí taŋfuin mɛɖewo le wo mɛ yí dadasɛ wowo ŋtɔwo jɔjɔɛnyinyi agogbetɔ koɖo egoyiyi. (Sɔ sɔ koɖo Matie 6:2.) Yesu sɔ ŋkuvi ɖo nyɔnu ɖeka nu cucucu. Agbetɔ kpaa ɖe datɛnŋ ado jeshi enu vevi ɖe le nyɔnu lɔ koɖo yi nunana nu o. Vɔ Yesu, mɛ ci yí jeshi agbetɔwo ji nya mɔ nyɔnu lɔ nyi “kposhu wamɛnɔ.” Égbenya eho nɛni ena teŋ: “ehoga hwɛhwɛ amɛve, ciwo nu yí afixɔxɔ hwɛhwɛtɔ le.”​—Maki 12:41, 42.

17 Yesu yɔ yi nukplaviwo va yiɖeki gbɔ, ɖo éji mɔ woase enukplamu ci ejikɔ ana. Énu mɔ kposhu cɛ “sɔ sugbɔ do mɛ wu mɛ ciwo pleŋ yí va sɔ eho do enunana dakavi lɔ mɛ.” Le Yesu nyɔnunu mɛɔ, nɔ wosɔ enu ciwo pleŋ yí amɛ kpɛtɛwo na xoxu can ɔ, kposhu lɔ nunana wugan wu. Kposhu lɔ “xoxu yi howo pleŋ” yí sɔ na. Ci ewɛ ahan ɔ, ésɔ yiɖeki do alɔ mɛ nɔ Yehowa mɔ yeale bu nɔ ye. Mɛ ci yí Yesu sɔ wa kpɔwɛ nɔ enunana Mawu so ji mɛ faa, nyi mɛ ci nunana nu yí afixɔxɔ ɖekɛ dele o. Ele ahan gan, enunana lɔ xɔ afi sugbɔ le Mawu ŋmɛ!​—Maki 12:43, 44; Ʒaki 1:27.

w97-F 15/10 17 mm. 17

Yehowa donɔ afixɔxɔ sumɔsumɔ ci yí èwanɔ koɖo ao ji pleŋ nu

17 Yesu yɔ yi nukplaviwo va yiɖeki gbɔ, ɖo éji mɔ woase enukplamu ci ejikɔ ana. Énu mɔ kposhu cɛ “sɔ sugbɔ do mɛ wu mɛ ciwo pleŋ yí va sɔ eho do enunana dakavi lɔ mɛ.” Le Yesu nyɔnunu mɛɔ, nɔ wosɔ enu ciwo pleŋ yí amɛ kpɛtɛwo na xoxu can ɔ, kposhu lɔ nunana wugan wu. Kposhu lɔ “xoxu yi howo pleŋ” yí sɔ na. Ci ewɛ ahan ɔ, ésɔ yiɖeki do alɔ mɛ nɔ Yehowa mɔ yeale bu nɔ ye. Mɛ ci yí Yesu sɔ wa kpɔwɛ nɔ enunana Mawu so ji mɛ faa, nyi mɛ ci nunana nu yí afixɔxɔ ɖekɛ dele o. Ele ahan gan, enunana lɔ xɔ afi sugbɔ le Mawu ŋmɛ!​—Maki 12:43, 44; Ʒaki 1:27.

w87-F 1/12 30 mm. 1

Míwo nunanawo nyinɔ vɔnsa nɔ mía?

Mìatɛnŋ akpla enunywi sugbɔ le exolɔlɔ cɛ mɛ. Taŋfuin enu ci yí le veviɖe ke: Mɔnukpɔkpɔ sun mì shi mɔ mìazan mìwo nunɔamɛshiwo yí asɔ do alɔ sɛnsɛn adodwi lɔ; ele ahan gan, enu ci nu yí Mawu donɔ afixɔxɔ yí nyi mìwo nunana ciwo yí ve nɔ mì, denyi ciwo yí nyi ɖukpɔtɔwo alo ciwo yí ci ji yɔ o. Le enyɔgbe bu mɛɔ, enu ciwo yí mìkpɔ mɔ mìdagbevaӡan o yí mìnanɔa? Alo mìwo nunanawo nyinɔ vɔnsa ŋtɔŋtɔ nɔ mìa?

cl-EW 185 mm. 15

Nunya si Le ‘Mawu ƒe Nya la’ Me

15 Ðe meɖe dzesi be le ame siwo katã va gbedoxɔa me gbemagbe dome la, ahosi sia koe woyɔ ƒo nu tso eŋu le Biblia me oa? To kpɔɖeŋu sia dzi la, Yehowa le mía fiam be Mawu si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu ye yenye. Edzɔa dzi nɛ be yeaxɔ míaƒe nunana siwo tso luʋɔ blibo me, aleke ke woɖale ne wotsɔe sɔ kple nusi ame bubuwo te ŋu na o. Mɔ nyuitɔ kekeake si dzi Yehowa ate ŋu ato aɖe nyateƒenya sia si léa dzi na ame afia mí enye ema!

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

nwtsty enumɛɖeɖe bu kudo Maki 11:17 nu

kwifan xɔ nɔ jukɔnwo pleŋ: Le Eŋɛnywi wema ŋwlɛntɔ amɛtɔn ciwo yí yɔ nyɔ so Ezai 56:7 mɛɔ, Maki ɖekɛ kpaŋ yí zan enyɔfɔkpe “nɔ jukɔnwo pleŋ.” (Mt 21:13; Lk 19:46) Gbedoxɔ ci yí le Ʒeruzalɛmu nyi texwe ci yí Izraɛliviwo koɖo eju bu mɛ tɔ ciwo yí vɔnnɔ nɔ Mawu atɛnŋ ava sɛn Yehowa le, yí agbedo egbeɖaɖa ni. (1Efy 8:41-43) Yesu wɛ nywiɖe ci yí edo hwɛ Ʒuifu ciwo yí sakɔ enu le gbedoxɔ lɔ mɛ, keŋ yí sɔ wa flafinɔwo du. Wowo nuwanawo gbɔjɔ mɛ ciwo yí so jukɔnwo pleŋ mɛ yí ji mɔ yewoate gogo Yehowa le yi kwifan xɔ lɔ mɛ, yí gbexe mɔ nɔ wo yí wodetɛnŋ va jeshi Yehowa o.

jy-EW 244 mm. 7

Yesu Zã Gboti Tsɔ Fia Nu Tso Xɔse Ŋu

Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo Yerusalem. Abe ale si Yesu lɔ̃a wɔwɔ ene la, ege ɖe gbedoxɔa me, eye wòde asi nufiafia me. Anye be le nu si Yesu wɔ gaɖɔlilawo le ŋkeke si do ŋgɔ dzi ta la, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple dumegãwo biae se be: “Ŋusẽ kae nètsɔ wɔa nu siawo? Alo ame kae na ŋusẽ sia wò nètsɔ wɔa nu siawoe?”​—Maki 11:28.

28 MAI–3 JUIN

MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | MAKI 13-14

“Ŋgbena yí agbetɔvɔnvɔn ci yí nyi gamɔ ale eo o”

ia-EW 200 mm. 14

Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ

14 Petro nɔ ameha la yome dzadzadza va se ɖe esime wòɖo aƒe gãtɔ kekeake siwo le Yerusalem la dometɔ ɖeka ƒe agbo nu. Nunɔlagã ŋusẽtɔ kple kesinɔtɔ Kayafa ƒe aƒee. Zi geɖe la, xɔxɔnu nɔa aƒe siawo tɔgbi titina, eye agbo nɔa wo nu. Esi Petro ɖo agboa nu la, womeɖe mɔ nɛ wòge ɖe eme o. Yohanes, si dze si nunɔlagã la ya tre aƒea me yiyi na Petro, eya ta eva ɖe kuku na agbonudzɔlaa be wòana wòage ɖe eme. Edze abe Petro menɔ Yohanes ŋu kplikplikpli o ene, eye metee kpɔ hã be yeage ɖe xɔa me ahanɔ eƒe Aƒetɔa ŋu o. Etsi xɔxɔnua, afi si kluvi kple dɔla aɖewo nɔ dzo si nɔ lelém nyuie la ƒum le, le esi vuvɔ si nɔ wɔwɔm zã ma me ta, eye enɔ aʋatsoɖasefo siwo nɔ Yesu nu tsom la kpɔm wonɔ gegem ɖe xɔ si me wole ʋɔnu drɔ̃m Yesu le la me henɔ dodom.—Maki 14:54-57; Ʒan 18:15, 16, 18.

it-2-F 585 mm. 3

Piɛ

Kankandojitɔɔ, enukplavi bu kplɔ Yesu do keke yí yi avɔnsatɔ gangantɔ lɔ xomɛ. Enukplavi lɔ kpedo Piɛ nu yí eyi kojoɖoxu lɔ. (Ʒan 18:15, 16) Piɛ devayi be do vinvinmɛ le yetwi ɖe mɛ o. Éte yi keŋ axu zo. Ezo lɔ klɛnklɛn na yí amɛwo do jeshi mɔ Piɛ nyi Yesu dokplɔtɔ, yí lé edokɔ Galile gbe lɔ do ɖo kpe enyɔdrɔdoamɛnu amɛ lɔwo tɔ ji. Ci yí wotɔ enyɔ Piɛɔ, égbe zetɔn mɔ yedejeshi Yesu ɖɛ o. Le vɔvɔnuɔ, éwa dan yí ta nu koɖo ŋsɛn do Yesu gbegbe yi tɔ lɔ ji. Le fiɖeka le jugan lɔ mɛɔ, koklosu ɖeka ku atɔ zevetɔ, yí Yesu “trɔ kpɔ Piɛ.” Piɛ to xexenu, ése vevi sugbɔ, yí fan vin hehehe. (Mt 26:69-75; Mk 14:66-72; Lk 22:54-62; Ʒan 18:17, 18; kpɔ CHANT DU COQ; SERMENT). Ele ahan gan, kwifan ciwo yí Yesu wa do eta nɔ Piɛ doŋkɔ vamɛ, yí Piɛ xɔse degbɔjɔ pleŋ o.​—Lk 22:31, 32.

Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji

w08-EW 2/15 30 mm. 6

Nya Vevi Siwo Tso Marko Ƒe Agbalẽa Me

14:51, 52—Ðekakpui kae si “dzo awumadomadoe”? Marko ɖeka koe ƒo nu tso nudzɔdzɔ sia ŋu, eya ta míate ŋu aƒo nya ta wòasɔ be enɔ nu ƒom tso eya ŋutɔ ɖokui ŋu.

jy-EW 287 mm. 4

Wokplɔ Yesu Yi Ana Gbɔ, Emegbe Wokplɔe Yi Kayafa Gbɔ

Kayafa nya be eɖiaa Yudatɔwo nu ne wose be ame aɖe gblɔ be Mawu ƒe Vie yenye. Esi Yesu gblɔ ɣeaɖeɣi be Mawue nye ye Fofo la, Yudatɔwo di be yewoawui, elabena wogblɔ be etsɔ “eɖokui le sɔsɔm kple Mawu.” (Ʒan 5:17, 18; 10:31-39) Esi esia le nyanya na Kayafa ta la, egblɔ na Yesu ayetɔe be: “Metà Mawu gbagbe la na wò be nàgblɔe na mí, nenye wòe nye Kristo la, Mawu ƒe Vi la!” (Matie 26:63) Yesu ɖee gblɔ va yi le eƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi be Mawu ƒe Vie yenye. (Ʒan 3:18; 5:25; 11:4) Ke hã ne meʋu eme nenema fifia o la, woate ŋu ase egɔme be ele gbegbem be yemenye Mawu ƒe Vi kple Kristo la o. Eya ta Yesu gblɔ be: “Nyee; eye miakpɔ Amegbetɔvi la wòabɔbɔ nɔ Ŋusẽtɔ la ƒe ɖusime eye wòanɔ dziƒolilikpowo dzi gbɔna.”​—Maki 14:62.

    Wema ciwo yí le Ajagbe mɛ (2015-2025)
    To le mɛ
    Ðo mɛ
    • Aja
    • Miin
    • Cancanwo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Yizanzan sewo
    • Amɛ ŋtɔ nyɔtakankan totowo
    • Paramètres de confidentialité
    • JW.ORG
    • Ðo mɛ
    Miin