INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Marko 7:18-23
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 18 Eye wògblɔ na wo be: “Ðe miawo hã miese egɔme oa? Ðe mienya be naneke metsoa gota gena ɖe ame me, si ate ŋu aƒo ɖii oa? 19 Elabena megena ɖe eƒe dzi me o, ke boŋ eƒe dɔ me wògena ɖo, eye wòdenɛ le nugodo oa?” Ale Yesu ɖee fia be nuɖuɖuwo katã ŋu kɔ. 20 Egagblɔ be: “Nu si doa go tso ame me lae ƒoa ɖii.+ 21 Elabena ame ƒe dzi me+ kee susu vɔ̃wo doa go tso: matrewɔwɔwo,* fififiwo, amewuwuwo, 22 ahasiwɔwɔwo, ŋukeklẽ, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, amebeble, aglãdzegbenɔnɔ,* ŋubiabiã,* busunyagbɔgblɔ, ɖokuidodoɖedzi kple movidzɔdzɔ. 23 Nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tso ame me, eye woawoe ƒoa ɖi ame.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe