-
Marko 14:22Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
22 Eye esi wole nua ɖum la, etsɔ abolo, yra ɖe edzi, ŋe eme, eye wòtsɔe na wo hegblɔ be: “Mixɔe; esia le tsitre ɖi na nye ŋutilã.”+
-
-
1 Korintotɔwo 11:23-26Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
23 Elabena nu si mexɔ tso Aƒetɔ la gbɔ lae metsɔ de asi na mi, be le zã+ si me woade Aƒetɔ Yesu asi la, etsɔ abolo, 24 eye esi wòda akpe ɖe eta vɔ la, eŋe eme gblɔ be: “Esia le tsitre ɖi na nye ŋutilã+ si wotsɔ na ɖe mia ta. Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.”+ 25 Nenema kee wòtsɔ kplu+ la hã le fiẽnuɖuɖu la megbe gblɔ be: “Kplu sia le tsitre ɖi na nubabla yeye+ si wowɔ to nye ʋu dzi la.+ Minɔ esia wɔm, ɣesiaɣi si mianoe, hena ŋkuɖoɖo dzinye.”+ 26 Elabena ɣesiaɣi si mieɖua abolo sia henoa nu le kplu sia nu la, miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku va se ɖe esime wòava.
-