23 Ŋutifafa Mawu la ŋutɔ nakɔ mia ŋu keŋkeŋ. Eye nɔviwo, neva eme be woakpɔ miaƒe gbɔgbɔ kple luʋɔ* kpakple ŋutilã, si le blibo le go sia go me la ta dedie mokaka manɔŋui le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe anyinɔɣi la.+
4 Ale míeƒoa adegbe le mia ta+ le Mawu ƒe hameawo me, le ale si miedo dzi helé xɔse me ɖe asi le yometiti kple nɔnɔme sesẽ* siwo katã me tom miele la ta.+