-
Kekelia Ƒe Keklẽwo Le Apostoloawo ŊɔliGbetakpɔxɔ—1995 | May 15
-
-
Kekelia Ƒe Keklẽwo Le Apostoloawo Ŋɔli
“Kekeli dona na ame dzɔdzɔewo kple dzidzɔ na amesiwo ƒe dzi toa mɔ ɖeka.”—PSALMO 97:11.
1. Aleke Yehowa Ðasefowo ɖi Kristotɔ gbãtɔwoe egbea?
ALEKE gbegbe Psalmo 97:11 me kɔna na mí Kristotɔ vavãtɔwoe nye si! ‘Kekelia klẽ’ na mí zi geɖe. Le nyateƒe me la, mía dometɔ aɖewo míekpɔ Yehowa ƒe kekeli si klẽna na mí la ƒe geɖe enye sia. Esiawo katã na míeɖoa ŋku Lododowo 4:18 me nyawo dzi, si xlẽ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.” Esi mí Yehowa Ðasefowo míedea bubu Ŋɔŋlɔawo ŋu ke menye kɔnyinyiwo ŋu o ta la, míeɖi Kristotɔ gbãtɔwo. Woƒe nɔnɔme dze nyuie míate ŋu akpɔ le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe ŋutinyagbalẽwo kple eƒe lɛta siwo woŋlɔ le Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe ameʋaʋã te la me.
2. Kekeli ƒe keklẽ gbãtɔ kawoe Yesu yomedzelawo xɔ?
2 Kekelia ƒe keklẽ gbãtɔ siwo Yesu Kristo yomedzela gbãtɔwo xɔ la nye esiwo ku ɖe Mesia la ŋu. Andrea gblɔ na nɔvia Simon Petro be: “Míekpɔ Mesia la.” (Yohanes 1:41) Ɣeyiɣi aɖe le ema megbe la, Fofo si le dziƒo la kpe ɖe apostolo Petro ŋu wòɖi ɖase si wɔ ɖeka kple nukpɔsusu ma esi wògblɔ na Yesu Kristo be: “Wòe nye Kristo, Mawu gbagbe la ƒe Vi!”—Mateo 16:16, 17; Yohanes 6:68, 69.
Kekelia Klẽ ɖe Gbeƒãɖeɖedɔ si Wode Asi na Wo Dzi
3, 4. Le Yesu ƒe tsitretsitsi megbe la, numekɔkɔ kawoe wòna eyomedzelawo le dɔ si woava wɔ le etsɔ me ŋu?
3 Le Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi megbe la, ena kekelia klẽ ɖe dɔ aɖe si wòle be eyomedzela ɖesiaɖe nawɔ dzi. Anɔ eme be eƒe nusrɔ̃la 500 siwo kpe ta le Galilea lae wògblɔ na be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ̃ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la dzi. Eye, kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:19‚ 20, NW; Korintotɔwo I, 15:6) Le ema megbe la, ele be Kristo yomedzelawo katã nazu gbeƒãɖelawo, eye menye “Israel ƒe me alẽ, siwo bu” la gbɔ koe woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ase ɖo o. (Mateo 10:6) Eye woƒe nyɔnyrɔ̃nana hã manye Yohanes tɔ si nye dzimetɔtrɔ hena nuvɔ̃tsɔtsɔke ƒe dzesi la tɔgbe o. Ke boŋ ele be woanyrɔ̃ amewo “ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me.”
4 Ɣeyiɣi kpui aɖe hafi Yesu nayi dziƒo la, eƒe apostolo nuteƒewɔla 11 la biae be: “Aƒetɔ, ɖe nègale fiaɖuƒe la ɖɔ ge ɖo na Israel le ɣeyiɣi sia mea?” Le esi Yesu naɖo nyabiabia ma ŋu teƒe la, ena mɔfiafia bubuwo boŋ wo tso gbeƒãɖeɖedɔ si wòde asi na wo ŋu be: “Miaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” Vaseɖe ɣemaɣi la, Yehowa ko ƒe ɖasefowoe wonye, gake fifia woanye Kristo ƒe ɖasefowo hã.—Dɔwɔwɔwo 1:6-8.
5, 6. Kekelia ƒe numekɔkɔ kawoe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo xɔ le Pentekoste-ŋkekea dzi?
5 Le ŋkeke ewo ko megbe la, kekeli si me kɔ nyuie kae nye si Yesu yomedzelawo xɔ! Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, wose Yoel 3:1, 2 me nyawo me bliboe zi gbãtɔ, esi gblɔ be: “[Nye Yehowa] matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo agblɔ nya ɖi, miaƒe amegã ɖeɖiwo aku drɔ̃ewo, eye miaƒe ɖekakpuiwo akpɔ ŋutegawo. Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe kluviwo kple kosiviwo hã dzi ɣemaɣi.” Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ gbɔgbɔ kɔkɔea wònɔ abe dzoƒaɖe ene va dze ɖe wo amesiwo katã kpe ta ɖe Yerusalem la ƒe ta dzi—wonye ŋutsu kple nyɔnu siwo ade 120.—Dɔwɔwɔwo 1:12-15; 2:1-4.
6 Le Pentekoste-ŋkekea dzi hã la, nusrɔ̃lawo se Psalmo 16:10 me nyawo gɔme zi gbãtɔ be Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre ŋue wòku ɖo. Hakpala la gblɔ be: “[Wò Yehowa Mawu] màgblẽ nye luʋɔ ɖe tsiẽƒe si me o, eye màlɔ̃ be, wò mawumeme la nakpɔ yɔdo o.” Nusrɔ̃lawo kpɔe dze sii be nya mawo mate ŋu aku ɖe Fia Dawid ŋu o, elabena eƒe yɔdo le yewo dome vaseɖe gbemagbe. Eyata mewɔ nuku o be eme kɔ na amesiwo se numekɔkɔ yeye sia ale gbegbe be wo dometɔ siwo ade 3,000 xɔ nyɔnyrɔ̃ gbemagbe ke!—Dɔwɔwɔwo 2:14-41.
7. Kekelia ƒe keklẽ nyuie kae apostolo Petro xɔ esime wòva Roma-ʋafia Kornelio ƒeme?
7 Israel-viwo se nya si Mawu gblɔ tso wo ŋu la gɔme ƒe alafa geɖe, be: “Miawo koe menya le anyigba dzi ƒomeawo katã dome.” (Amos 3:2) Eyata kekeli si me kɔ nyuie wònye vavã Petro kple amesiwo kpe ɖe eŋu esime woyi Roma-ʋafia Kornelio ƒeme la xɔ esime wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe Trɔ̃subɔla aʋamatsomatsotɔ siwo zu xɔsetɔwo dzi. Enyo be míade dzesii be ɣeyiɣi sia me koe wona gbɔgbɔ kɔkɔea ame do ŋgɔ na amea ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ. Gake ele be wòayi nenema. Ne menye nenema o la, Petro manya be Dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔ siawo dze na nyɔnyrɔ̃xɔxɔ o. Esi Petro se nusi nudzɔdzɔ sia fia me bliboe la, ebia be: “Ame aɖe ate ŋu axe mɔ ɖe tsi be, [womeganyrɔ̃] amesiawo, siwo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la abe míawo ke ene la o mahã?” Nyateƒee, amesiwo nɔ eteƒe dometɔ aɖeke mate ŋu agbe o, eyata wonyrɔ̃ Dukɔwo me tɔ siawo.—Dɔwɔwɔwo 10:44-48; tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 8:14-17.
Aʋatsotso Megahiã O
8. Nukatae wòsesẽ na Kristotɔ gbãtɔ aɖewo be woaɖe asi le aʋatsotso ƒe nya la ŋu?
8 Kekeli si me kɔ wu gaklẽ ɖe nyateƒea dzi le aʋatsotso ƒe nya la me. Esime Yehowa bla nu kple Abraham le ƒe 1919 D.M.Ŋ. mee aʋatsotso dze egɔme. Mawu de se na Abraham ɣemaɣi be wo kple eƒemeŋutsu bubuwo katã natso aʋa. (Mose I, 17:9-14, 23-27) Eyata aʋatsotso va zu dzesi le Abraham ƒe dzidzimeviwo ŋu. Eye aleke gbegbe wodana ɖe etsotso dzie nye si! Ewɔe be nya ‘bolotɔ’ alo ‘aʋamatsomatsotɔ’ va zu fewuɖuleameŋunya. (Yesaya 52:1; Samuel I, 17:26, 27) Eyata ele bɔbɔe be míase nusita Yudatɔ Kristotɔ aɖewo di be dzesi sia natsi yewo ŋu ɖo la gɔme. Wo dometɔ aɖewo he nya sia kple Paulo kpakple Barnaba vevie. Be woakpɔ egbɔ la, Paulo kple ame bubuwo tsɔ nya la yi ɖe Kristotɔwo ƒe dziɖuha la gbɔe le Yerusalem.—Dɔwɔwɔwo 15:1, 2.
9. Kekelia ƒe keklẽ kae woɖe fia dziɖuha gbãtɔ, abe alesi woŋlɔe ɖe Dɔwɔwɔwo ta 15 me ene?
9 Fifia meganye nukunu aɖe si dze gaglã dzie wòto be Kristotɔ gbãtɔ mawo xɔ numekɔkɔ si nye be aʋatsotso meganye nudidi si wobia tso Yehowa subɔlawo si o la o. Ke boŋ woxɔ kekeli ma si me kɔ ɖe edzi to Ŋɔŋlɔawo me dzodzro, gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia biabia, kple Petro kpakple Paulo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo le Dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔwo ƒe dzimetɔtrɔ ŋu nyawo sese me. (Dɔwɔwɔwo 15:6-21) Wogblɔ nyametsotsoa ɖe lɛta aɖe me, si ƒe akpa aɖe xlẽ be: “Enyo gbɔgbɔ kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, míagatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ.” (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Esia wɔe be Kristotɔ gbãtɔwo vo tso aʋatsotso kpakple Mose ƒe Sea ƒe nudidi bubuwo si me. Eyata Paulo te ŋu gblɔ na Galatia Kristotɔwo be: “Ablɔɖenyenye ŋuti Kristo wɔ mí ablɔɖeviwo ɖo.”—Galatiatɔwo 5:1.
Kekelia Klẽ ɖe Nyanyuiawo Dzi
10. Kekelia ƒe keklẽ siwo woɖe fia le Mateo ƒe Nyanyuia me dometɔ aɖewo ɖe?
10 Ðikekemanɔmee la, kekelia ƒe keklẽ geɖe le Mateo ƒe Nyanyuia si wòŋlɔ le ƒe 41 M.Ŋ. me lɔƒo la me si aɖe vi na exlẽlawo. Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ ʋee aɖewo koe se Yesu ŋutɔ ƒe nufiafiawo, ne wotsɔe sɔ kple agbalẽ sia xlẽlawo. Mateo ƒe Nyanyuia koŋ ye te gbe ɖe edzi be Yesu ƒe gbeƒãɖeɖea ƒe tanyae nye Fiaɖuƒe la. Eye aleke gbegbe Yesu te gbe ɖe susu nyuitɔ ƒe amesinɔnɔ dzii enye esi! Kekeli gbogbo kae nye si klẽ le eƒe Todzimawunya la me, le eƒe lododowo (abe esiwo woŋlɔ ɖe ta 13 lia me ene), kple eƒe nyagblɔɖi vevi si le ta 24 kple 25 me! Wohe Kristotɔ gbãtɔwo ƒe susu va nusiawo katã dzi le Mateo ƒe Nyanyuia si wòŋlɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea ƒe ƒe enyi ko megbe la me.
11. Nukae míate ŋu agblɔ le Luka kple Marko ƒe Nyanyuiawo me nyawo ŋu?
11 Le abe ƒe 15 ene megbe la, Luka ŋlɔ eƒe Nyanyuia. Togbɔ be eƒe akpa gãtɔ ɖi Mateo ƒe nuŋlɔɖia hã la, eƒe alafa memamã 59 nye nya bubuwo siwo wòŋlɔ kpee. Luka ŋlɔ nu tso Yesu ƒe nukunu ade kple Eƒe lododo siwo sɔ gbɔ wu ema teƒe eve, siwo Nyanyuia ŋlɔla bubuwo meŋlɔ nu tsoe o la ŋu. Anye le ƒe ʋee aɖewo ko megbe la, Marko hã ŋlɔ eƒe Nyanyuia, eye wòte gbe ɖe edzi be nukunuwɔla, amesi wɔa nu dzonɔamemetɔe, ye Yesu Kristo nye. Togbɔ be nudzɔdzɔ siwo ƒe akpa gãtɔ ŋu Mateo kple Luka ŋlɔ nu tsoe ŋu nyawoe Marko gblɔ hã la, eŋlɔ lododo ɖeka aɖe si woawo meŋlɔ o. Le lododo ma me la, Yesu tsɔ Mawu Fiaɖuƒea sɔ kple nuku si miena eye wòtsina va nɔa ku tsem.a—Marko 4:26-29.
12. Afika kee Yohanes ƒe Nyanyuia na numekɔkɔ yi ŋgɔe se?
12 Yohanes ƒe Nyanyuia si woŋlɔ ƒe 30 kple edzivɔ le Marko tɔa ŋɔŋlɔ vɔ megbe hã li. Kekeli gbogbo kae nye si Yohanes klẽ ɖe Yesu ƒe subɔsubɔdɔa dzi, vevietɔ le nya gbogbo siwo wògblɔ tso Eƒe anyinɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu ŋu me! Yohanes ɖeɖekoe ƒo nu tso Lazaro fɔfɔ ɖe tsitre ŋu, eye eya koe gblɔ nu nyui geɖe siwo Yesu gblɔ na eƒe apostolo nuteƒewɔlawo kpakple gbedodoɖa ʋãme si wòdo ɖa le zã si me wofia eyomemɔ me si wòŋlɔ ɖe ta 13 vaseɖe 17. Le nyateƒe me la, wogblɔ be nya siwo le Yohanes ƒe Nyanyuia me ƒe 92 le alafa me nye nya siwo eya ɖeɖeko ŋlɔ.
Kekelia Klẽ le Paulo ƒe Lɛtawo Me
13. Nukata ame aɖewo bu Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo abe Nyanyuigbalẽ ene?
13 Wozã apostolo Paulo etɔxɛe be wòna nyateƒea ƒe kekeliwo klẽ na Kristotɔ siwo nɔ anyi le apostoloawo ƒe ɣeyiɣiawo me. Le kpɔɖeŋu me, Paulo ŋlɔ agbalẽ na Romatɔwo le ƒe 56 M.Ŋ. me lɔƒo—le ɣeyiɣi si me Luka ŋlɔ eƒe Nyanyuia me lɔƒo. Le lɛta sia me la, Paulo te gbe ɖe edzi be Mawu ƒe amenuveve si míedze na o kple Yesu Kristo dzixɔxɔse mee wobua dzɔdzɔenyenye na ame le. Paulo ƒe gbetete ɖe nyanyuia ƒe akpa sia dzi na ame aɖewo bua eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Romatɔwo abe Nyanyuigbalẽ atɔ̃lia ene.
14-16. (a) Le lɛta gbãtɔ si Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto me la, kekeli kae wòklẽ ɖe alesi ɖekawɔwɔ hiãe dzi? (b) Kekeli bubu siwo ku ɖe agbenɔnɔ ŋu kawoe le Korintotɔwo ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me?
14 Paulo ŋlɔ nu tso nane siwo nɔ fu ɖem na Korinto Kristotɔwo ŋu. Nuxlɔ̃ame geɖe siwo tso gbɔgbɔ me siwo ɖe vi na Kristotɔwo va de asi na egbea la le lɛta si wòɖo ɖe Korintotɔwo me. Gbã la, ekɔ nu me na Korintotɔwo le vodada si wonɔ wɔwɔm ŋu, si nye be wova nɔ subɔsubɔ ƒe bubu tsɔm na ame ŋkuta aɖewo. Apostoloa ɖɔ wo ɖo eye wògblɔ na wo dzideƒotɔe be: “Mele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ ƒe ŋkɔa dzi bena, mi katã miagblɔ nya ɖeka, eye mamã aɖeke naganɔ mia dome o; ke miazu blibo le tame ɖeka kple susu ɖeka ma me.”—Korintotɔwo I, 1:10-15.
15 Wonɔ mɔ ɖem ɖe agbegbegblẽnɔnɔ si tɔ ŋku ŋu le Kristo-hamea me le Korinto. Ŋutsu aɖe xɔ fofoa srɔ̃ le afima, esi na be wòwɔ ‘ahasi si tɔgbe mele dukɔwo gɔ̃ hã dome o.’ Paulo ŋlɔ na wo kɔte be: “Miɖe ame vɔ̃ɖi la ɖa le mia ŋutɔ mia dome.” (Korintotɔwo I, 5:1, 11-13) Ema nye nu yeye na Kristo-hamea—be woaɖe ame le ha me. Nu bubu si ŋu wòhiã be woakɔ nu me le na Korinto-hamea le enye alesi hamea me tɔwo nɔ woƒe gbɔgbɔmenɔviwo kplɔm yi xexemeʋɔnuwoe be woadrɔ̃ nya na yewo. Paulo ka mo na wo vevie ɖe eta.—Korintotɔwo I, 6:5-8.
16 Nu bubu si hã gaɖe fu na Korinto-hamea la ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu. Le Korintotɔwo I, ƒe ta 7 me la, Paulo ɖee fia be le gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe bɔbɔ ta la, anyo be srɔ̃ nanɔ ŋutsu sia ŋutsu si eye nyɔnu sia nyɔnu naɖe srɔ̃. Paulo ɖee fia hã be togbɔ be trewo te ŋu subɔa Yehowa eye kplamatsedonu mesɔa gbɔ ɖe mɔ me na wo o hã la, menye amesiame sie trenɔnɔ ƒe nunana la le o. Eye ne nyɔnu aɖe srɔ̃ ku la, ate ŋu aɖe srɔ̃ faa gake “wòawɔe le Aƒetɔ la me [ko].”—Korintotɔwo I, 7:39.
17. Kekeli kae Paulo klẽ ɖe tsitretsitsi nufiafia la dzi?
17 Kekeli kawo gbegbe nye si Aƒetɔ la zã Paulo wòklẽ ɖe tsitretsitsi la dzi! Ŋutilã ka ƒomevi mee woafɔ Kristotɔ amesiaminawo ɖo? Paulo ŋlɔe be: “Woƒãa luʋɔŋutilã, eye woafɔ gbɔgbɔŋutilã ɖe tsitre.” Womatsɔ luʋɔŋutilã aɖeke ayi dziƒoe o, elabena “ŋutilã kple ʋu mate ŋu anyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” Paulo gblɔ kpee be menye amesiaminawo katãe adɔ alɔ̃ ɖe ku me o ke boŋ le eƒe anyinɔnɔ la me la, woafɔ wo dometɔ aɖewo ɖe tsitre ayi ɖe makumakugbenɔnɔ me enumake ne woku.—Korintotɔwo I, 15:43-53.
18. Kekeli si ku ɖe etsɔ me ŋu kae le Paulo ƒe lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ na Tesalonikatɔwo me?
18 Wozã Paulo wòklẽ kekelia ɖe etsɔ me dzi le lɛta si Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika me. Yehowa ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ le zã me ene. Paulo gaɖe nu me be: “Ne wole gbɔgblɔm be: ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ!’ la, tete tsɔtsrɔ̃ kpata ava lili wo kpoyi abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu o.”—Tesalonikatɔwo I, 5:2‚ 3, NW.
19, 20. Kekelia ƒe keklẽ kawoe Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem kple Yudea xɔ le Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Hebritɔwo me?
19 Esi Paulo ŋlɔ eƒe lɛta la na Hebritɔwo la, ena kekelia klẽ na Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Yerusalem kple Yudea. Aleke gbegbe wòfia alesi Kristotɔwo ƒe tadedeagu ƒe nuɖoanyia de ŋgɔ wu Mose ƒe tadedeagu ƒe nuɖoanyia enye esi! Le esi Kristotɔwo nawɔ ɖe Se si wotsɔ na to mawudɔlawo dzi la dzi teƒe la, woxɔ ɖeɖekpɔkpɔ si ŋu Mawu ƒe Vi la ƒo nu tsoe gbã, si de ŋgɔ sã wu esiwo dɔtsɔla siwo nye mawudɔlawo gblɔ la dzi se. (Hebritɔwo 2:2-4) Xɔnuvi koe Mose nye le Mawu ƒe aƒeme. Gake Yesu Kristoe nye ta ɖe aƒe bliboa katã dzi. Kristo nye nunɔlagã le Melxizedek ƒe ɖoɖoa nu, eye wòle nɔƒe si kɔ boo wu Aron ƒe nunɔlanyenye la. Paulo tɔ asi edzi hã be Israel-viwo mete ŋu ge ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me o le xɔsemanɔamesi kple tomaɖomaɖo ta, gake Kristotɔwo yina ɖe eme le woƒe nuteƒewɔwɔ kple toɖoɖo ta.—Hebritɔwo 3:1–4:11.
20 Azɔ hã nubabla yeyea hã le ŋgɔ sã na Se ƒe nubabla la. Abe alesi wogblɔ eƒe nya ɖi anye ƒe 600 do ŋgɔ ɖe Yeremya 31:31-34 ene la, woŋlɔ Mawu ƒe sea ɖe amesiwo le nubabla yeyea me la ƒe dziwo me eye wotsɔ woƒe nuvɔ̃wo ke wo keŋkeŋ. Le esi nunɔlagã si anɔ vɔ sam ƒe sia ƒe ɖe eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃wo kple dukɔa tɔ ta nanɔ Kristotɔwo si teƒe la, Yesu Kristo amesi ŋu nuvɔ̃ mele o eye wòtsɔ eɖokui na zi ɖeka ɖe nuvɔ̃wo katã tae nye Nunɔlagã na wo. Le esi wòayi kɔkɔeƒe si wowɔ kple asi be wòatsɔ eƒe vɔsa la ana le afima teƒe la, dziƒo ŋutɔe wòyi be wòado ɖe Yehowa ŋutɔ ƒe ŋkume le afima. Hekpe ɖe eŋu la, lãwo ƒe vɔsa le Mose ƒe Se ƒe nubabla la te mete ŋu ɖea nuvɔ̃wo ɖa keŋkeŋ o, anye ne womaganɔ wo tsɔm sa vɔe ƒe sia ƒe o. Gake Kristo ƒe vɔsa si wòsa zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la ɖea nuvɔ̃wo ɖa. Esiawo katã klẽ kekeli la ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã, si ƒe xɔxɔnue amesiaminawo ƒe ame susɔeawo kple ‘alẽ bubuawo’ subɔna le egbea dzi.—Yohanes 10:16; Hebritɔwo 9:24-28.
21. Nukae numedzodzro sia ɖe fia ku ɖe Psalmo 97:11 kple Lododowo 4:18 mevava le apostoloawo ŋɔli ŋu?
21 Teƒe meli míaƒo nu tso kpɔɖeŋu bubuwo, abe kekelia ƒe keklẽ siwo dze le apostolo Petro kple nusrɔ̃la Yakobo kple Yuda ƒe lɛtawo me ene, ŋu o. Gake esiwo ŋu míeƒo nu tsoe do ŋgɔ sɔ gbɔ be woafia be Psalmo 97:11 kple Lododowo 4:18 va eme le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu le apostoloawo ŋɔli. Nyateƒea va nɔ ŋgɔ yim tso kpɔɖeŋunuwo kple vɔvɔliwo dzi va ɖo wo mevavawo kple nu ŋutɔŋutɔwo dzi.—Galatiatɔwo 3:23-25; 4:21-26.
22. Nukae dzɔ le apostoloawo ƒe ku megbe, eye nukae nyati si gbɔna la aɖe fia?
22 Le Yesu ƒe apostoloawo ƒe ku megbe kple xɔsegbegbe si ƒe nya wogblɔ ɖi ƒe vava me la, nyateƒea ƒe kekeli nu megasẽ kurakura o. (Tesalonikatɔwo II, 2:1-11) Gake abe alesi Yesu do ŋugbee ene la, le ƒe alafa geɖe megbe la, Aƒetɔ la trɔ gbɔ eye wòkpɔ “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la wònɔ nuɖuɖu nam eƒe “aƒemetɔwo” ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Eyata Yesu Kristo ɖo dɔla ma “eƒe nuwo katã dzi.” (Mateo 24:45-47) Kekeli kawoe nye esiwo gaklẽ le ema megbe? Míadzro esia me le nyati si kplɔe ɖo me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Anyigba si woyɔ le afisia la fia nɔnɔme si me Kristotɔ tiana be yeaƒã amenyenye ƒe nɔnɔmewo ɖo.—Kpɔ June 15, 1980 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 18-19.
-
-
Akpa Gbãtɔ—Kekelia Ƒe Keklẽwo—Gãawo Kple SueawoGbetakpɔxɔ—1995 | May 15
-
-
Akpa Gbãtɔ—Kekelia Ƒe Keklẽwo—Gãawo Kple Sueawo
“Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.”—LODODOWO 4:18.
1. Nukatae woɖe nyateƒea fia vivivi?
MAWU ƒe nunya ƒe kpeɖodzie wònye be woɖea gbɔgbɔ me nyateƒeawo fiana to kekeli ƒe keklẽwo dzi vivivii, abe alesi wogblɔe ɖe Lododowo 4:18 ene. Le nyati si do ŋgɔ me la, míekpɔ alesi mawunyakpukpui sia va emee le apostoloawo ƒe ɣeyiɣia me. Ne ɖe woɖe Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe bliboa katã fia zi ɖeka la, anye ne asesẽ akpa na ŋku eye wòatɔtɔ ame hã—abe alesi nàdo tso do doviviti aɖe me ado ɖe ɣe ƒe keklẽ sesẽ nu ene. Hekpe ɖe eŋu la, nyateƒe si woɖena fiana Kristotɔwo vivivii la yia edzi doa ŋusẽ woƒe xɔse ɖaa. Ena be woƒe mɔkpɔkpɔ la kple mɔ si dzi woato la dzi nɔa kɔkɔm ɖe edzi ɖaa.
“Dɔla Nuteƒewɔla Kple Aɖaŋudzela” La
2. Ameka dzie Yesu tɔ asii be yeato ana gbɔgbɔmekekelia ye yomedzelawo, eye amekawo ƒe ƒuƒoƒoe nye amesia?
2 Le apostoloawo ŋɔli la, Yesu Kristo ɖo be yeana kekelia ƒe keklẽwo naklẽ na ye yomedzela gbãtɔwo to mɔnu siwo de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ la nu. Esiawo ƒe kpɔɖeŋu eve le mía si: Ƒe 33 M.Ŋ. me ƒe Pentekoste-ŋkekea kple Kornelio ƒe dzimetɔtrɔ le ƒe 36 M.Ŋ. me. Le esia megbe la, Kristo kpɔe be esɔ be yeazã amegbetɔwo, abe alesi wògblɔe ɖi ene be: “Amekae nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ la ɖo eƒe aƒemetɔwo nu, ne wòana nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyui dzi mahã? Woayra dɔla ma, si, ne eƒe aƒetɔ ava la, akpɔe be, ewɔ nenema. Vavã mele egblɔm na mi bena, aɖoe eƒe nuwo katã dzi.” (Mateo 24:45-47) Dɔla sia mate ŋu anye ame ɖeka ko o elabena ele be wòanɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam tso esime woɖo Kristo-hamea anyi le Pentekoste-ŋkekea dzi vaseɖe esime Yesu Kristo, Aƒetɔ la, nava bia akɔnta. Nyateƒeawo ɖee fia be dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha siae nye Kristotɔ amesiaminawo katã ƒe ƒuƒoƒo si nɔ anyi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me.
3. Amekawoe nye dɔla ƒe ha la me tɔ gbãtɔwo?
3 Amekawoe nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la me tɔ gbãtɔ dometɔ aɖewo? Wo dometɔ ɖekae nye apostolo Petro, amesi wɔ ɖe Yesu ƒe sedede be: “Nyi nye alẽawo” la dzi. (Yohanes 21:17) Dɔla ƒe ha la me tɔ gbãtɔ bubu aɖewoe nye Mateo, amesi ŋlɔ Nyanyuigbalẽ si wotsɔ eƒe ŋkɔ na, kple Paulo, Yakobo, kpakple Yuda, amesiwo ŋlɔ lɛta siwo tso gbɔgbɔ me. Apostolo Yohanes si ŋlɔ Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa, eƒe Nyanyuia, kple eƒe lɛtawo hã nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la me tɔ. Amesiawo ŋlɔ agbalẽ le wɔwɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzi me.
4. Amekawoe nye ‘aƒea me tɔwo’?
4 Ne amesiaminawo katã ƒe ƒuƒoƒo la nye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela me tɔwo, eɖanye anyigba ƒe afikae wole o la, ke amekawoe nye ‘aƒea me tɔwo’? Amesiamina mawo kee gake le mɔ bubu nu—abe ame ɖekaɖekawo ene. Ẽ, abe ame ɖekaɖekawo ene la, woƒe “dɔla” la me tɔwo nyenye loo alo “aƒemetɔwo” nyenye adze le ne woawoe le gbɔgbɔmenuɖuɖua nam alo woawoe le eɖum me. Le kpɔɖeŋu me: Apostolo Petro ƒo nu tso Paulo ƒe lɛtawo ŋu abe alesi woŋlɔe ɖe Petro II, 3:15, 16 ene. Ne Petro le wo xlẽm la, ke anɔ abe aƒea me tɔwo dometɔ ɖeka ene si le gbɔgbɔmenuɖuɖu si Paulo si le dɔla ƒe ha la teƒe na la ɖum ene.
5. (a) Nukae dzɔ ɖe dɔla la dzi le apostoloawo ƒe ku megbe ƒe ƒe alafawo me? (b) Nukawoe dzɔ le ƒe alafa 19 lia ƒe afã susɔea me?
5 Agbalẽ si nye God’s Kingdom of a Thousand Years Has Approached gblɔ le nya sia ŋu be: “Alesi tututu ‘dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ ƒe ha la nɔ anyii hesubɔ le ƒe alafawo me le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe apostoloawo ƒe ku megbe la ƒe ŋutinya me nuŋlɔɖi si me kɔ kɔte mele mía si o. Edze ƒã be ‘dɔla’ ƒe ha la ƒe dzidzime ɖeka nyi dzidzime evelia si kplɔe ɖo. (Timoteo II, 2:2) Gake le ƒe alafa wuiasiekelia ƒe afã evelia me la, Mawuvɔ̃lawo nɔ anyi siwo lɔ̃ gbɔgbɔmenuɖuɖu si le Biblia Kɔkɔe la me eye wodi be yewoatsɔe anyi yewo ɖokuii . . . Woɖo Biblia sɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo . . . siwo yi ŋgɔ le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe nyateƒe veviwo gɔmesesse me. Anukwaretɔ ɖokuitɔmadila siwo le Biblia nusrɔ̃vi siawo dome la di vevie be yewoana gbɔgbɔmenuɖuɖua ƒe akpa vevi siawo ame bubuwo. ‘Dɔla’ si woɖo be wòana ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu’ si hiã ‘aƒea me tɔwo’ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la ƒe nuteƒewɔwɔgbɔgbɔ nɔ wo me. ‘Wodze aɖaŋu’ esi wodze sii be ɣemaɣie nye ɣeyiɣi nyuitɔ kple esi sɔ eye wokpɔ mɔnu si anye nyuitɔ le nuɖuɖua nana me dze sii. Wodze agbagba be yewoanae.”—Axa 344-5.a
Kekelia ƒe Keklẽ Gbãtɔwo le Míaƒe Ɣeyiɣia Me
6. Nyateƒe kae dze ƒã ku ɖe nyateƒea ɖeɖefia vivivii ŋu?
6 Nu ɖeka aɖe si ɖe dzesi ƒã le amesiwo Yehowa zã le gbɔgbɔmekekeli sia si me nɔa kɔkɔm vivivi hehe vɛ me ŋue nye be womedia bubu na wo ɖokui o. Nɔnɔme si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ C. T. Russell ɖe fiae nye be, edze Aƒetɔ la ŋu be yeazã yewoƒe ŋutete si mede afi aɖeke o la. Le amekoŋkɔ siwo Nɔviŋutsu Russell ƒe futɔwo lɔ̃a yɔyɔ ŋu la, eɖe eme kɔte be yemedo go “Russelltɔ” aɖeke kpɔ o eye “Russell-ha” aɖeke meli o. Kafukafuawo katã yi na Mawu.
7. Nukae Nɔviŋutsu Russell kple eƒe dɔwɔhatiwo wɔ si ɖo kpe edzi be dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la me tɔwoe wonye?
7 Ne míetsɔ dɔ si Nɔviŋutsu Russell kple eƒe dɔwɔhatiwo wɔ ƒe kutsetsewo bu nya la ŋui la, míate ŋu ake ɖi aɖeke le alesi Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nɔ mɔ fiam wo ŋu o. Woɖee fia be yewonye dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la me tɔwo. Togbɔ be subɔsubɔhaŋgɔnɔla geɖe siwo nɔ anyi ɣemaɣi gblɔ be yewoxɔe se be Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ mee Biblia nye eye be Yesu nye Mawu ƒe Vi hã la, woda asi ɖe Babilon ƒe aʋatsonufiafiawo abe Mawuɖekaetɔ̃, amegbetɔ ƒe luʋɔ makumaku, kple funyafunyawɔame mavɔ ŋuti nufiafiawo ene dzi. Abe alesi Yesu do ŋugbee ene la, gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu mee wòto vavã be Nɔviŋutsu Russell kple eƒe dɔwɔhatiwo ƒe agbagbadzedze ɖokuibɔbɔtɔe na nyateƒea ƒe gɔmesese klẽ nyuie wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe si do ŋgɔ nɛ. (Yohanes 16:13) Biblia Nusrɔ̃vi amesiamina mawo ƒe nuwɔna ɖo kpe edzi be dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la me tɔ siwo wode dɔ asi na be woana gbɔgbɔmenuɖuɖu Aƒetɔ la ƒe aƒemetɔwoe wonye vavã. Woƒe agbagbadzedzewo nye kpekpeɖeŋu gã aɖe le amesiaminawo nu ƒoƒoƒu me.
8. Yehowa, Biblia, Yesu Kristo, kple gbɔgbɔ kɔkɔea ŋuti nyateƒe vevi kawo mee Biblia Nusrɔ̃viwo se nyuie?
8 Ewɔ nuku be míakpɔ alesi gbegbe Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi ve Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔ siawo nui be woxɔ kekelia ƒe keklẽ siawo. Gbã la, wofia kpeɖodzi sesẽwo tsɔ ɖee fia be Wɔla la li eye be ŋkɔ si nye eya ɖeɖeko tɔ le esi, eyae nye Yehowa. (Psalmo 83:19; Romatɔwo 1:20) Wokpɔe be nɔnɔme vevi enee le Yehowa si—ŋusẽ, dzɔdzɔenyenye, nunya, kple lɔlɔ̃. (Mose I, 17:1; Mose V, 32:4; Romatɔwo 11:33; Yohanes I, 4:8) Kristotɔ amesiamina siawo ɖo kpe edzi kɔte be Biblia lae nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me eye be nyateƒee wònye. (Yohanes 17:17; Timoteo II, 3:16, 17) Hekpe ɖe eŋu la, wogafia nu be ɖe wowɔ Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, eye be etsɔ eƒe agbe na tafee ɖe ameƒomea katã ta. (Mateo 20:28; Kolosetɔwo 1:15) Wokpɔe hã be Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe gbɔgbɔ kɔkɔea nye, ke menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe ame etɔ̃lia kura o.—Dɔwɔwɔwo 2:17.
9. (a) Nyateƒe kawo mee kɔ na Biblia Nusrɔ̃viwo nyuie tso afisi amegbetɔ dzɔ tso kple mɔkpɔkpɔ siwo le esi si ŋu Biblia ƒo nu tsoe ŋu? (b) Nyateƒe bubu kawo gɔmee Yehowa subɔlawo se nyuie?
9 Biblia Nusrɔ̃viawo kpɔe dze sii kɔte be luʋɔ makumaku mele amegbetɔ si o ke boŋ eya ŋutɔ nye luʋɔ si kuna. Wonyae be “nuvɔ̃ ƒe fetue nye ku,” menye funyafunyawɔame mavɔ o, elabena teƒe aɖeke meli si nye dzomavɔ nɔa bibim o. (Romatɔwo 5:12; 6:23; Mose I, 2:7; Xezekiel 18:4) Gawu la, wokpɔe kɔte be menye ɖeko amedzɔtsolãme nufiafia metso Ŋɔŋlɔawo me ko o ke boŋ be gɔmeɖokpe aɖeke ŋutɔ hã mele esi o. (Mose I, ta 1 kple 2) Wokpɔe dze sii hã be mɔkpɔkpɔ evee Biblia tsɔ ɖo ŋkume na mí—dziƒogbenɔnɔ na Kristo ƒe afɔɖoƒeyomedzela amesiamina 144,000 la kple paradisonyigba dzi nɔnɔ na “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” si xexlẽme meli na o. (Nyaɖeɖefia 7:9; 14:1; Yohanes 10:16) Biblia Nusrɔ̃vi gbãtɔ mawo kpɔe dze sii be anyigba la anɔ anyi tegbee eye be womatɔ dzoe abe alesi subɔsubɔha geɖe fiaa nui ene o. (Nyagblɔla 1:4; Luka 23:43) Wosrɔ̃e hã be womakpɔ Kristo ƒe tɔtrɔgbɔ kple ŋku o eye be ɣemaɣi la, ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava dukɔwo dzi eye wòawɔ anyigba la paradisoe.—Dɔwɔwɔwo 10; 42; Romatɔwo 8:19-21; Petro I, 3:18.
10. Nyateƒe kawo mee Biblia Nusrɔ̃viwo se le nyɔnyrɔ̃xɔxɔ, vovototo dede osɔfowo kple hameviwo dome, kple Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu ŋu?
10 Biblia Nusrɔ̃viawo srɔ̃e be nyɔnyrɔ̃xɔxɔ si sɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu la menye tsihehlẽ ɖe ta na vidzĩwo o ke boŋ le wɔwɔ ɖe se si Yesu de le Mateo 28:19, 20 me dzi la, enye xɔsetɔ siwo wofia nui la nyɔnyrɔ̃ ɖe tsi me. Wova kpɔe be Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖe vovototo dede osɔfowo kple hamevi gbɔlowo dome dzi o. (Mateo 23:8-10) Ke boŋ ele be Kristotɔwo katã nanye nyanyui gbeƒãɖelawo. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Biblia Nusrɔ̃viawo se egɔme be ele be woaɖu Kristo ƒe ku la ƒe Ŋkuɖodzi zi ɖeka ko le ƒe me, le Nisan 14 lia dzi. Wogakpɔe dze sii be trɔ̃subɔsubɔzãe Ista nye. Amesiamina mawo ka ɖe edzi vevie be Mawu le megbe na dɔ si wɔm yewonɔ eyata womedzɔ ga le ame aɖeke si kpɔ o. (Mateo 10:8) Tso gɔmedzedzea me ke la, wose egɔme be ele be Kristotɔwo nanɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu, esi ƒe akpa aɖee nye be woatse Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kuwo.—Galatiatɔwo 5:22, 23.
Nyateƒea ƒe Keklẽ Siwo me Le Kɔkɔm Ðe Edzi
11. Kekeli kae klẽ ɖe Kristotɔwo ƒe dɔdasi kple Yesu ƒe alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa dzi?
11 Tso ƒe 1919 me koŋ la, wotsɔ kekelia ƒe keklẽ siwo me le kɔkɔm ɖe edzi yra Yehowa subɔlawoe. Kekeli si me kɔ nyuie kae nye si wònye le ƒe 1922 ƒe Cedar Point takpekpea me esime J. F. Rutherford, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla evelia, te gbe ɖe edzi ŋusẽtɔe be Yehowa subɔlawo ƒe agbanɔamedzi vevitɔe nye be ‘woaɖe gbeƒã, woaɖe gbeƒã, woaɖe gbeƒã Fia la kple eƒe fiaɖuƒe’! Le ƒe si kplɔe ɖo me tututu la, kekeli si me kɔ la klẽ ɖe alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe lododoa dzi. Wokpɔe be Aƒetɔ la ƒe ŋkeke sia mee wòle be nyagblɔɖi sia nava eme, menye le etsɔ me le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me abe alesi wosusui tsã ene o. Le etsɔ me le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, Kristo nɔviwo magadze dɔ o, eye womagade wo game hã o. Hekpe ɖe eŋu la, le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, Yehowa Mawue adrɔ̃ ʋɔnu, menye Yesu Kristoe o.—Mateo 25:31-46.
12. Kekeli kae klẽ ɖe Harmagedon dzi?
12 Le ƒe 1926 me la, kekeli si me kɔ ƒe keklẽ bubu ɖee fia be menye hadometɔtrɔ kpatae Harmagedon-ʋa la anye abe alesi Biblia Nusrɔ̃viawo susui gbã ene o. Aʋa si me Yehowa aɖe eƒe ŋusẽ afia le be wòadze ƒã ale be dukɔwo katã nakpɔe adze sii be eyae nye Mawu la boŋ ye wòanye.—Nyaɖeɖefia 16:14-16; 19:17-21.
Kristmas—Trɔ̃subɔlawo ƒe Azãe
13. (a) Kekeli kae klẽ ɖe Kristmas ɖuɖu dzi? (b) Nukatae womegaɖua dzigbezã o? (De etenuŋɔŋlɔa me nyawo hã eme.)
13 Ɣeyiɣi kpui aɖe le ema megbe la, kekelia ƒe keklẽ aɖe na Biblia Nusrɔ̃viawo dzudzɔ Kristmas ɖuɖu. Do ŋgɔ na ɣeyiɣi ma la, Biblia Nusrɔ̃viawo ɖua Kristmas le xexeame katã, eye azã bliboe wònyena le Brooklyn ƒe dɔwɔƒegã la. Gake wova kpɔe be trɔ̃subɔlawo ƒe azãe December 25 lia ɖuɖu nye eye Kristodukɔ xɔsegbela la tiae be wòana dzimetɔtrɔ na trɔ̃subɔlawo nanɔ bɔbɔe na yewo. Gakpe ɖe eŋu la, wokpɔe be Yesu ƒe dzidzi mate ŋu anye le vuvɔŋɔli o, elabena le edziɣi la, alẽkplɔlawo kplɔ woƒe alẽwo yi gbedzii—nane si womate ŋu awɔ le zã me le December ƒe nuwuwu lɔƒo ma o. (Luka 2:8) Ŋɔŋlɔawo fia be October 1 lɔƒo boŋ ye wodzi Yesu. Biblia Nusrɔ̃viawo kpɔe dze sii hã be trɔ̃subɔla ɣletivimefakalawoe amesiwo woyɔna be nunyala siwo va kpɔ Yesu ɖa le eƒe dzidzi abe ƒe eve ene megbe la nye.b
Ŋkɔ Yeye Aɖe
14. Nukatae ŋkɔ Biblia Nusrɔ̃viwo mesɔ na Yehowa ƒe amewo tututu o?
14 Le ƒe 1931 me la, nyateƒea ƒe kekeli si me kɔ nyuie si klẽ na Biblia Nusrɔ̃vi mawo ɖe Ŋɔŋlɔawo me ŋkɔ si sɔ na wo la fia wo. Yehowa ƒe amewo kpɔe be yewomate ŋu atsɔ megbeŋkɔ siwo wotsɔ na yewo abe Russelltɔwo, Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu tɔwo, “dzomavɔ meli o tɔwo” ene la dometɔ aɖeke o.c Gake wova kpɔe dze sii hã be ŋkɔ si yewo ŋutɔ yewotsɔ—Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo—hã mesɔ na yewo tututu o. Menye Biblia nusrɔ̃viwo koe wonye o. Gawu la, ame geɖe ŋutɔ hã nɔ anyi siwo nye Biblia srɔ̃lawo gake ƒomedodo aɖeke menɔ wo kple Biblia Nusrɔ̃viawo dome o.
15. Ŋkɔ kae Biblia Nusrɔ̃viawo xɔ le ƒe 1931 me, eye nukatae wòsɔ?
15 Aleke wòwɔ Biblia Nusrɔ̃viawo va tsɔ ŋkɔ yeye? Ƒe geɖe enye ma si Gbetakpɔxɔ la nɔ Yehowa ƒe ŋkɔ la dom ɖe dzi. Eyata esɔ nyuie ŋutɔ be Biblia Nusrɔ̃viawo natsɔ ŋkɔ si le Yesaya 43:10 be: “Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dɔla, si metia, ne mianyae, miaxɔ dzinye ase, eye miadze sii be, nyee. Womewɔ mawu aɖeke do ŋgɔ nam o, eye ɖeke mado megbe nam o.”
Taʋiʋli Kple “Ameha Gã” La
16. Nukatae gbugbɔgaɖoanyi ŋuti nyagblɔɖiwo mate ŋu aku ɖe dzɔdzɔme Yudatɔwo ƒe tɔtrɔgbɔ va Palestina ŋu o, gake amekawo ŋue wòku ɖo?
16 Le agbalẽ si nye Vindication ƒe babla evelia si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta le ƒe 1932 me la, kekelia ƒe keklẽ ɖee fia be nuwo gbugbɔɖɔɖo ŋuti nyagblɔɖi siwo Yesaya, Yeremya, Xezekiel, kple nyagblɔɖila bubuwo ŋlɔ ɖi la meku ɖe ŋutilã me Yudatɔ siwo tsɔ dzimaxɔse kple dunyahehe susuwo trɔ gbɔ va Palestina la ŋu (abe alesi wosusui tsã ene) o. Ke boŋ gbugbɔɖɔɖo ŋuti nyagblɔɖi siawo siwo va eme le mɔ sue aɖe nu le ɣeyiɣi si me Yudatɔwo trɔ gbɔ tso kluvinyenye me le Babilon le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la ƒe mevava gãtɔ va eme le gbɔgbɔ me Israel ƒe ɖeɖekpɔkpɔ kple wo gbugbɔgaɖoanyi le ƒe 1919 me, esi he dzidzedzekpɔkpɔ si nye gbɔgbɔmeparadiso si me Yehowa subɔla vavãtɔwo le egbea la vɛ.
17, 18. (a) Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, nukae kekelia ƒe keklẽ aɖe ɖe fia be eyae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo vevitɔ? (b) Kekeli kae klẽ ɖe Nyaɖeɖefia 7:9-17 dzi le ƒe 1935 me?
17 Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, kekelia ƒe keklẽwo ɖee fia be menye amegbetɔ ƒe ɖeɖekpɔkpɔe nye nu vevitɔ le Yehowa ƒe tameɖoɖo me o, ke boŋ eƒe dziɖulanyenye taʋiʋlie. Wokpɔe be menye tafe lae nye Biblia ƒe tanya o ke boŋ Fiaɖuƒe lae, elabena eyae aʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta. Kekelia ƒe keklẽ si me kɔ nyuie kae nye si wònye! Meganye Kristotɔ ɖeadzɔgbewo ŋutɔ ƒe dziƒoyiyi ŋu koŋ ye wogatsia dzi ɖo o.
18 Le ƒe 1935 me la, kekelia ƒe keklẽ si me kɔ nyuie la ɖee fia be ameha gã si woyɔ le Nyaɖeɖefia 7:9-17 la menye dziƒoyilawo ƒe hatsotso siwo le nɔƒe si bɔbɔ ɖe anyi wu o. Wosusunɛ tsã be amesiwo woyɔ le kpukpui mawo me nye amesiaminawo dometɔ aɖewo siwo mewɔ nuteƒe bliboe o eyatae wole tsitre ɖe fiazikpuia ŋgɔ le esi woanɔ fiazikpuiwo dzi anye fiawo kple nunɔlawo kple Yesu Kristo teƒe. Gake nuteƒewɔwɔ afã kple afã aɖeke meli o. Nuteƒewɔla koe woanye loo alo woanye nuteƒemawɔla. Eyata wokpɔe be ameha gã siwo womeɖo xexlẽme na o, tso dukɔ sia dukɔ me siwo nu ƒom wole ƒu, amesiwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye anyigba dzi nɔnɔ, ŋue nyagblɔɖi sia ku ɖo. Woawoe nye ‘alẽ’ siwo woyɔ le Mateo 25:31-46 kple ‘alẽ bubu’ siwo woyɔ le Yohanes 10:16.
Atitsoga la—Menye Kristotɔwo ƒe Dzesi O
19, 20. Nukatae atitsoga la mate ŋu anye Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe dzesi o?
19 Le ƒe geɖe me la, Biblia Nusrɔ̃viwo na atitsoga la dze ƒã abe Kristotɔnyenye ƒe dzesi ene. “Fiakuku” si dzi wowɔ “atitsoga” ɖo si wotsɔ dea awu ŋu gɔ̃ hã nɔ wo si. King James Version gɔmeɖeɖea gblɔ be Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woatsɔ woƒe “atitsoga,” eye ame geɖe va xɔ se be atitsoga ŋue wowui ɖo. (Mateo 16:24; 27:32) Dzesi sia dze le Gbetakpɔxɔ ƒe akpa hã dzi ƒe geɖe.
20 Agbalẽ si nye Riches si Habɔbɔa ta le ƒe 1936 me la ɖe eme be ati dzɔdzɔe ŋue woklã Yesu Kristo ɖo, menye atitsoga ŋue o. Agbalẽ aɖe gblɔ be Helagbe me nya (stau·rosʹ) si gɔme woɖe be “atitsoga” le King James Version me la “fia kpɔtɔti alo ati dzɔdzɔe koŋ. Eto vovo na subɔsubɔhawo ƒe ati eve siwo wotsɔ wɔ atitsogae. . . . Blema Kaldea ye evelia sia dzɔ tso eye wozãnɛ na Tammuz ƒe dzesi.” Le esi woatsɔ nusi ŋu wohe Yesu ɖo awɔ legbae teƒe la, ele be woanyɔ ŋui boŋ.
21. Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
21 Kekelia ƒe keklẽ gãtɔwo kpakple esiwo woabu be wonye suetɔwo siaa ƒe kpɔɖeŋu bubuwo gali. Taflatse xlẽ nyati si kplɔe ɖo ne nàse esiawo ŋuti numedzodzro.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae le ƒe 1973 me.
b Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, wova kpɔe be ne womeɖu ame vevitɔ kekeake ƒe dzigbezã o la, ke mele be míaɖu dzigbezã aɖeke hã o. Gawu la, Israel-viwo loo alo Kristotɔ gbãtɔwo meɖu dzigbezã o. Ame eve ko ƒe dzigbezãe Biblia gblɔ be woɖu, ɖekae nye Farao tɔ eye evelia nye Herodes Antipa tɔ. Wotsɔ amewuwu gblẽ wo ame evea siaa mee. Yehowa Ðasefowo meɖua dzigbezã o elabena azã sia dzɔ tso trɔ̃subɔsubɔ me eye wolɔ̃a amesi ƒe dzigbezã wònye wole ɖuɖum la dodo ɖe dzi.—Mose I, 40:20-22; Marko 6:21-28.
c Esia nye vodada aɖe si Kristodukɔa ƒe sɔlemeha geɖe wɔ. Luthertɔwo nye megbeŋkɔ si Martin Luther ƒe futɔwo tsɔ na eyomedzelawo, eye woawo hã va lɔ̃ ɖe edzi be woayɔ yewo nenema. Nenema ke Baptisttɔwo (nyɔnyrɔ̃nalawo) hã lɔ̃ ɖe megbeŋkɔ si hagodotɔwo tsɔ na wo le esi wofiaa nu be ele be woanyrɔ̃ ame ɖe tsi me ta la dzi. Nenema tɔgbe ke Methodisttɔwo hã xɔ ŋkɔ si hagodotɔ aɖe tsɔ na wo lae. Le alesi wòwɔ wova le ha si woyɔna be Xɔlɔ̃wo ƒe Ha yɔm be Quakers (Dzodzonyanyanyalawo) ŋu la, The World Book Encyclopedia gblɔ be: “Dzue nya Quaker nye na Fox [ha ma ɖola], amesi gblɔ na Eŋlisi ʋɔnudrɔ̃la aɖe be ‘wòadzo nyanyanya ɖe Aƒetɔ ƒe Nya la ŋu.’ Ʋɔnudrɔ̃la la yɔ Fox be ‘dzodzonyanyanyala.’”
-