-
Dzi Nedzɔ Wò Esi Nèle Yehowa Sinu Kpɔm DzigbɔɖitɔeGbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024 | February
-
-
NU KA TAE YEHOWA DI BE MÍANƆ YE SINU KPƆM?
Biblia gblɔ be: “Yehowa anɔ lalam dzigbɔɖitɔe be yeave mia nu, eye wòatso be yeakpɔ nublanui na mi. Elabena Yehowa nye Mawu si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo katã kpɔa esinu.” (Yes. 30:18) Yuda-vi sẽtowo koŋue Yesaya gblɔ nya siawo na. (Yes. 30:1) Gake Yudatɔ aɖewo nye nuteƒewɔlawo, eye nya siawo na mɔkpɔkpɔ wo. Nya siawo na mɔkpɔkpɔ mí Yehowa subɔla siwo li egbea hã.
Ele be míalala dzigbɔɖitɔe elabe Yehowa ŋutɔ le lalam dzigbɔɖitɔe. Eɖo ɣeyiɣi si wòahe xexe xoxo sia ava nuwuwui, eye eya ŋutɔ hã le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma lalam. (Mat. 24:36) Ɣemaɣia, ava dze ƒãa be nya siwo Abosam tsɔ ɖe Yehowa kple eƒe amewo ŋu nye alakpa. Ekema atsrɔ̃ Satana kple ame siwo katã de edzi, gake ‘akpɔ nublanui na míawo ya.’
Yehowa maɖe míaƒe xaxawo ɖa fifia kokoko o, gake eka ɖe edzi na mí be míate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm esime míele lalam. Yesaya gblɔe wòsɔ nyuie be, míate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm esi míele mɔ kpɔm na nu nyui siwo le ŋgɔ. (Yes. 30:18)a Aleke míawɔ anɔ dzidzɔ kpɔm? Nu ene aɖewo akpe ɖe mía ŋu.
-
-
Dzi Nedzɔ Wò Esi Nèle Yehowa Sinu Kpɔm DzigbɔɖitɔeGbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024 | February
-
-
a Nya ‘kpɔ esinu’ si wozã le gbegbɔgblɔ gbãtɔ me ate ŋu afia be “woanɔ mɔ kpɔm na nane” alo “anɔ mɔ kpɔm vevie be nane nava eme.” Esia fia be esɔ be míanɔ mɔ kpɔm na míaƒe ɖeɖe.
-