Àte Ŋu Ana Wò Ŋkuɖoɖonudzi Naganyo Ðe Edzi Wu
YEHOWA MAWU wɔ amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ hede ŋkuɖoɖonudzi ƒe ŋutete wɔnuku eme. Ewɔe wònye nyadzraɖoƒe si woate ŋu aɖe nyawo tsoe eye nu vevi siwo wode eme la mabu o. Alesi Mawu wɔ ahɔhɔ̃e la wɔ ɖeka kple eƒe tameɖoɖo be amegbetɔ nanɔ agbe tegbee.—Ps. 139:14; Yoh. 17:3.
Gake ɖewohĩ àbu be yeŋlɔa nusiwo yedea susu me la be akpa. Mègaɖoa ŋku nyaa dzi ne èle edim o. Nukae nàte ŋu awɔ be wò ŋkuɖoɖonudzi naganyo ɖe edzi wu?
Tsɔ Ðe Le Eme
Ðetsɔleme nye nu vevi aɖe si ana be wò ŋkuɖoɖonudzi naganyo ɖe edzi wu. Ne míena wòzu numame na mí be míeléa ŋku ɖe nu ŋu, eye míetsɔa ɖe le eme na amewo, hetsɔa ɖe le nusiwo le edzi yim le afisi míele me la, eʋãa míaƒe susu. Esia ana wòanɔ bɔbɔe na mí wu be míaɖe ɖetsɔleme ma ke afia ne míexlẽ alo se nane si aɖe vi na mí ɣeawokatãɣi.
Amewo ƒe ŋkɔ léle ɖe susu me sesẽna ɣeaɖewoɣi na ame geɖe. Ke hã mí Kristotɔwo míenya be amewo le vevie na mí—hati Kristotɔwo, kple amesiwo míeɖia ɖase na, kpakple ame bubu siwo míewɔa nu kplii le agbe me nya veviwo gbɔ kpɔkpɔ me. Nukawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo ŋku ŋkɔwo dzi alesi dze? Apostolo Paulo yɔ amesiwo wu 26 ƒe ŋkɔwo le lɛta si wòŋlɔ na hame aɖe la me. Nyateƒe si wònye be menye woƒe ŋkɔwo koe wònya o, ke boŋ egblɔ nya tɔxɛ aɖewo le wo dometɔ geɖe ŋu hã ɖe eƒe ɖetsɔleme na wo fia. (Rom. 16:3-16) Egbea Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔla aɖewo dzea agbagba ŋutɔ le ŋkuɖoɖo amewo ƒe ŋkɔ dzi me, togbɔ be wotsoa hame si me yia ekemɛ me kwasiɖa sia kwasiɖa hã. Nukae kpena ɖe wo ŋu? Wote ŋu ɖonɛ koŋ yɔa amea ƒe ŋkɔ zi geɖe ne wole dze ɖom kplii zi gbãtɔ. Wodzea agbagba be ne yewokpɔ amea ƒe mo la, yewoate ŋu aɖo ŋku eƒe ŋkɔa hã dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wodea gbeadzi kple ame vovovowo heɖua nu kpli wo hã. Ne èdo go ame aɖe la, àte ŋu aɖo ŋku eƒe ŋkɔ dzia? Dze egɔme nàdi susu nyui aɖe si ta nàɖo ŋku ŋkɔa dzi; emegbe nàte aɖaŋu siwo míeɖo do ŋgɔ la dometɔ aɖewo akpɔ.
Ŋkuɖoɖo nusi nèxlẽ dzi hã le vevie. Nukae akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia wòaganyo ɖe edzi wu? Ðetsɔleme kple nyawo gɔmesese siaa le vevie. Ele be nàtsɔ ɖe le nusi xlẽm nèle la me nyuie be wò susu nanɔ eŋu bliboe. Ne èle agbagba dzem be yeaxlẽ nu evɔ wò susu le nu bubu ŋu la, nyaawo matsi susu me na wò o. Àse nyaa gɔme nyuie wu ne ètsɔ nusiwo xlẽm nèle la sɔ kple nusiwo nènya nyuie xoxo alo nètsɔe sɔ kple sidzedze si su asiwò xoxo la. Bia ɖokuiwò se be: ‘Aleke mate ŋu atsɔ nya sia awɔ dɔe le nye ŋutɔ nye agbenɔnɔ me, eye ɣekaɣie mawɔ eŋudɔ? Aleke mazãe atsɔ akpe ɖe ame bubu ŋui?’ Àse nyaa gɔme geɖe wu ne èxlẽa nyawo ƒe ƒuƒoƒo wu be nànɔ nyaawo yɔm ɖekaɖekae. Ana nàse nyawo gɔme bɔbɔe ahade dzesi nya veviwo, ale be wòanɔ bɔbɔe na wò wu be nàɖo ŋku wo dzi.
Di Ɣeyiɣi Nàwɔ Numetoto
Amesiwo nya nu tso nusɔsrɔ̃ ŋu tea gbe ɖe numetoto ƒe vevienyenye dzi. Kɔledzi nufiala aɖe ɖee fia le numekuku aɖe me be aɖabaƒoƒo ɖeka si woazã ɖe numetoto wɔwɔ ŋu ne woxlẽ nua vɔ teti la ate ŋu adzi nusi dzi woaɖo ŋkui la ɖe edzi zi gbɔ zi eve. Eyata ne èxlẽ nu vɔ teti—alo le nyatia ƒe akpa gãtɔ xexlẽ vɔ megbe teti ko la—to nya veviawo me le tame be woalé ɖe susu me na wò. Bu alesi nàzã wò ŋutɔ wò nyagbɔgblɔ atsɔ aɖe nu yeye siwo nèsrɔ̃ mee ŋu. Ne èxlẽ nya aɖe vɔ heto eme enumake le susu me la, ana wòatsi susu me na wò ɣeyiɣi didi wu.
Azɔ le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, di mɔnukpɔkpɔ nàdzro nusi nèxlẽ la me to nya la gbɔgblɔ na ame aɖe me. Àte ŋu atsɔe aɖo dze na ƒometɔ, hamea me tɔ aɖe, dɔwɔhati, sukuhati, aƒelika, alo ame aɖe si nèdo goe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Dze agbagba be nàgblɔ Ŋɔŋlɔawo me numeɖeɖe vovovoawo, ke menye nya veviawo ko o. Esia wɔwɔ aɖe vi na wò ahakpe ɖe ŋuwò nya veviawo natsi susu me na wò; eye wòaɖe vi na ame bubuwo hã.
De Ŋugble le Nu Veviwo Ŋu
Tsɔ kpe ɖe nusi nèxlẽ me toto kple wo gbɔgblɔ na ame bubuwo ŋu la, àkpɔe be eɖea vi ne ède ŋugble le nu vevi siwo nèsrɔ̃ ŋu. Nenemae Biblia-ŋlɔla siwo nye Asaf kple Dawid wɔ. Asaf gblɔ be: “Yehowa ƒe nuwɔwɔwo anɔ ŋku dzi nam, ẽ, maɖo ŋku wò blemanukunuwo dzi. Mabu tame le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye made ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu.” (Ps. 77:12, 13) Dawid ŋlɔ nya mawo tɔgbe ke be: ‘Ne menyɔ le zã ƒe ŋudzɔɣiwo la, mebua ŋuwò,’ eye wògagblɔ hã be: “Meɖo ŋu blemaŋkekewo, mede ŋugble le wò nuwɔwɔwo katã ŋu.” (Ps. 63:7; 143:5) Wò hã èwɔnɛ nenema?
Nuŋububu deto si me woade ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔnawo, eƒe nɔnɔmewo, kple eƒe lɔlɔ̃nu si wòɖe gblɔ ŋu vevie alea akpe ɖe ŋuwò geɖe wu be nyateƒenyawo ɖeɖeko natsi susu me na wò. Ne nuŋububu alea ma wò la, wò dzi aku ɖe nusiwo le vevie ŋutɔŋutɔ ŋu. Atrɔ asi le amesi ƒomevi nènye le ememe la ŋu. Nusiwo dzi nàɖo ŋkui la lanye nusiwo tsi wò susu ƒe gogloeƒe ke.—Ps. 119:16.
Akpa si Mawu ƒe Gbɔgbɔ Wɔna
Womegblẽ mí ɖi kpekpeɖeŋu manɔmee ne míele didim be míaɖo ŋku nyateƒenya siwo ku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔnawo kple nusiwo Yesu Kristo gblɔ ŋuti la dzi o. Zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, egblɔ na eyomedzelawo be: “Megblɔ esiawo na mi, esi megale mia gbɔ. Ke nyaxɔɖakɔla, [gbɔgbɔ] kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi.” (Yoh. 14:25, 26) Mateo kple Yohanes hã nɔ ameawo dome ɣemaɣi. Ðe gbɔgbɔ kɔkɔe la zu kpeɖeŋutɔ sia na wo vavã? Tututu! Abe ƒe enyi megbe ene la, Mateo ŋlɔ Kristo ƒe agbemenya deto gbãtɔ vɔ, eye nu xɔasi siwo dzi wòɖo ŋkui heŋlɔ nu tso wo ŋu la ƒe ɖewoe nye Todzimawunya la kple nudzɔdzɔ vovovo siwo ƒo ƒu nye Kristo ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi kpakple nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu. Ƒe 65 le Yesu ƒe ku megbe la, apostolo Yohanes ŋlɔ eƒe Nyanyuia, eye wòƒo nu tso nya vovovo siwo Yesu gblɔ le zã mamlɛtɔ si me apostoloawo nɔ Aƒetɔ la gbɔ hafi wòva ɖo eƒe agbe anyi na mí la hã ŋu. Ðikeke mele eme o be nusiwo Yesu gblɔ eye wòwɔ esime wonɔ egbɔ la tsi susu me na Mateo kple Yohanes ɖikaa, gake gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ akpa vevi aɖe le egbɔkpɔkpɔ me be womeŋlɔ nya vevi siwo Yehowa di be woaŋlɔ ɖe yeƒe Nya la me be o.
Ðe gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe Mawu subɔlawo ŋu egbea? Nenema tututue! Edze ƒã be gbɔgbɔ kɔkɔea medea nusiwo míesrɔ̃ kpɔ o la susu me na mí ya o, gake enyea kpeɖeŋutɔ na mí be míagaɖo ŋku nu vevi siwo míesrɔ̃ va yi la dzi. (Luka 11:13; Yoh. I, 5:14) Ekema ne eva hiã la, míaƒe susu kpɔa ŋusẽdoame heɖoa “ŋku nya, siwo nyagblɔɖila kɔkɔeawo gblɔ ɖi tsã la, kple Aƒetɔ kple xɔla ƒe se, si wòde” la dzi.—Pet. II, 3:1, 2.
‘Mègaŋlɔ Be O’
Yehowa xlɔ̃ nu Israel enuenu be: ‘Mègaŋlɔ be o.’ Menye ɖe wòle mɔ kpɔm be woaɖo ŋku nusianu dzi bliboe keŋkeŋ o. Ke hã mele be woaƒo wo ɖokui ɖe agbemenudidiwo me ale gbegbe be woaɖe nusiwo Yehowa wɔ la ɖa le susu me o. Ele be woaɖo ŋku alesi Yehowa ɖe wo esime mawudɔlaa wu Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã, esime Yehowa ma Ƒudzĩa me, eye emegbe wòna tsia ganyè zi va kpe heŋe ɖe Farao kple eƒe aʋakɔa dzi wono tsi ku la dzi ɣeawokatãɣi. Ele be Israel-viwo naɖo ŋku edzi be Mawu na eƒe Se la yewo le Sinai-toa dzi, eye be ekplɔ yewo to gbedzi heyi Ŋugbedodonyigbaa dzii. Mele be woaŋlɔ be o, le gɔmesese sia nu be ele be ŋkuɖoɖo nusiawo dzi nayi edzi awɔ dɔ ɖe woƒe gbesiagbegbenɔnɔ dzi vevie.—Mose V, 4:9, 10; 8:10-18; Mose II, 12:24-27; Ps. 136:15.
Ele be míawo hã míakpɔ nyuie be míaganye amesiwo ŋlɔa nu be o. Ne míele agbagba dzem be míanɔ te ɖe agbe me nyaƒoɖeamenuwo nu la, ele be míaɖo ŋku Yehowa dzi, eye Mawu si wònye hekpe ɖe lɔlɔ̃ si wòɖe fia be wòna Via mí, amesi va xe tafe ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta ale be agbe deblibo nasu mía si tegbee, ŋuti la nanɔ susu me na mí. (Ps. 103:2, 8; 106:7, 13; Yoh. 3:16; Rom. 6:23) Biblia xexlẽ edziedzi kple gomekpɔkpɔ le kpekpewo kple gbeadzisubɔsubɔdɔ me dzonɔamemetɔe awɔe be nyateƒe xɔasi siawo naƒo ke ɖe to ɖe mía me.
Ne nyametsotsowo dze ŋgɔ wò, woɖale bɔbɔe o, woɖasesẽ o, ɖo ŋku nyateƒenya vevi mawo dzi, eye nàna woakpɔ ŋusẽ ɖe wò tamesusu dzi. Mègaŋlɔ be o. Kpɔ Yehowa sinu hena mɔfiame. Be nàtsɔ ŋutilã me nukpɔsusu abu nuwo ŋu alo aɖo ŋu ɖe amegbetɔ ƒe dzi madeblibo ƒe ameʋaʋã kpata ko ŋu teƒe la, bia ɖokuiwò se boŋ be, ‘Mawu ƒe Nya la me ɖaŋuɖoɖo alo gɔmeɖose kawoe wòle be woakpɔ ŋusẽ ɖe dzinye le nyametsotso wɔwɔ me?’ (Lod. 3:5-7; 28:26) Manya wɔ be nusi mèxlẽ kpɔ alo se kpɔ o la nava susu me na wò o. Gake ne èle tsitsim le sidzedze vavãtɔ kple lɔlɔ̃ na Yehowa me la, nusiwo nèsrɔ̃ do ŋgɔ wole nudzraɖoƒe na wò la adzi ɖe edzi eye Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu aɖo ŋku nusiawo dzi na wò eye wò lɔlɔ̃ na Yehowa si le ŋgɔ dem la aʋã wò be wò nuwɔna nawɔ ɖeka kple sidzedze sia.