INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jl nusɔsrɔ̃ 8
  • Nu Ka Tae Míedoa Awu Siwo Sɔ Ne Míeyina Míaƒe Kpekpewo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Míedoa Awu Siwo Sɔ Ne Míeyina Míaƒe Kpekpewo?
  • Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Tae Wòle Be Míabu Míaƒe Awudodo Kple Dzadzraɖo Ŋu Nyuie
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ðe Wò Awudodo Dea Bubu Mawu Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Awu ka ƒomeviwoe sɔ be míado ne míele teƒe siwo míezãna na Yehowa subɔsubɔ la yim?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2008
  • Dzedzeme Si Sɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
jl nusɔsrɔ̃ 8

NUSƆSRƆ̃ 8

Nu Ka Tae Míedoa Awu Siwo Sɔ Ne Míeyina Míaƒe Kpekpewo?

Vifofo aɖe kple via do awu hena hamea ƒe kpekpe yiyi

Iceland

Vidada aɖe kple via nyɔnuvi le dzadzram ɖo na kpekpe yiyi

Mexico

Yehowa Ðasefo siwo do awu nyuie le Guinea-Bissau

Guinea-Bissau

Philippines Ƒome aɖe me tɔwo le azɔli dzi yina ɖe kpekpe

Philippines

Èkpɔ ale si Yehowa Ðasefowo dzrana ɖo nyuie hafi yia woƒe kpekpewo le foto siwo le afi sia mea? Nu ka tae awudodo kple dzadzraɖo le mɔ nyui nu nɔa vevie na mí?

Be míade bubu mía Mawu ŋu. Enye nyateƒe be menye míaƒe gotagome dzedzeme koe Mawu kpɔna o. (1 Samuel 16:7) Ke hã, ne míeva ƒo ƒu be míade ta agu nɛ la, míedina vevie be míawɔ nu si ade bubu Eyama kple mía nɔviwo ŋu. Hafi ame aɖe nado ɖe ʋɔnudrɔ̃la aɖe ŋkume la, adi be yeadzra ɖo nyuie be yeade bubu ʋɔnudrɔ̃laa ŋu le ɖoƒe si wòle la ta. Nenema kee ale si míedzrana ɖo hafi yia míaƒe kpekpewo la ɖenɛ fiana be míedea bubu gã Yehowa Mawu, si nye ‘xexea me katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la’ la, kple míaƒe tadeaguƒewo hã ŋu.—1 Mose 18:25.

Be míaɖee afia be míenɔa agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu. Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woado awu “le ameŋububu kple ŋuɖɔɖo me” abe ale si dze ame siwo ‘vɔ̃a Mawu’ ene. (1 Timoteo 2:9, 10) Awudodo ‘le ameŋububu me’ fia be míatsri atsyɔ̃ɖoɖo kpeɖii, eye míatsri awu siwo nyɔa dzodzro ɖe ame me kple awu siwo me ametia dzena le la dodo be míagahe amewo ƒe susu ava mía ɖokuiwo dzi o. Nuwɔwɔ ‘le ŋuɖɔɖo me’ kpena ɖe mía ŋu be míatsri awudodo ɖewoɖewoe alo dzadzraɖo si gbɔ eme. Ke hã, Biblia ƒe mɔfiame siawo kpɔtɔ na ablɔɖe mí be míatia awudodo kple dzadzraɖo ƒomevi vovovo siwo sɔ. Míaƒe dzadzraɖo nyui si nya kpɔna la ‘ɖoa atsyɔ̃ na mía Xɔla ƒe nufiafia,’ eye wònyea ‘kafukafu na Mawu.’ (Tito 2:10; 1 Petro 2:12) Esi míedoa awu siwo sɔ hafi yia kpekpeawo ta la, ekpɔa ŋusẽ nyui ɖe ale si amewo bua tadedeagu na Yehowae dzi.

Mègagblɔ be awu siwo tɔgbi ame siwo le afi sia do la mele ye si o ta nàgbe Fiaɖuƒe Akpataa me yiyi o. Míate ŋu ado awu siwo sɔ, siwo le dzadzɛ, eye wole nɔnɔme nyui me, ke menye awu xɔasiwo alo esiwo le tsia dzi kokoko o.

  • Alekee míaƒe dzadzraɖo le vevie ne míele ta dem agu na Mawu?

  • Biblia ƒe mɔfiame kawoe kpena ɖe mía ŋu be míaƒe awudodo kple dzadzraɖo sɔna?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe