INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g21 No. 1 axa 8-9
  • Nu Siwo Ana Míaƒe Dzi Nadze Eme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Siwo Ana Míaƒe Dzi Nadze Eme
  • Nyɔ!—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Do Vevie Dɔ
  • Ði Anukware
  • Mègana Ga Nanye Nu Vevitɔ Na Wò O
  • Tia Nufiafia Nyuitɔ Kekeake
  • Susu Nyui Si Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu
    Nyɔ!—2015
  • Ðe Ga Nye Nu Vɔ̃ɖiwo Katã Ƒe Kea?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Ga
    Nyɔ!—2014
  • Nukpɔsusu Nyui Kae Wòle Be Wòanɔ Ame Si Ðe Ga Ŋu?
    Nyɔ!—2007
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—2021
g21 No. 1 axa 8-9
Nyɔnu aɖe kple viaŋutsuvi to asi gã aɖe si le India me va yina; togbɔ be amewo le nu gãgãwo ƒlem hã, nu sue si wovae ƒlea dze wo ŋu eye dzi le wo dzɔm.

Nu Siwo Ana Míaƒe Dzi Nadze Eme

Míeɖanye tre alo srɔ̃tɔ, ɖevi alo ame tsitsi o, mí katã míedina be míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme. Mía Wɔlaa hã dii nenema, eya ta eɖo aɖaŋu nyui aɖewo na mí.

Do Vevie Dɔ

“Newɔ dɔ sesẽ, netsɔ eƒe asi wɔ dɔ nyui, ale be wòakpɔ nane ana ame si hiã tu.”—EFESOTƆWO 4:28.

Mía Wɔlaa di be susu nyui nanɔ mía si ɖe dɔ ŋu. Nu ka tae? Ame si doa vevie dɔa, kpɔa dzidzɔ, elabe esia wɔwɔ nana wòte ŋu kpɔa eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Ate ŋu akpe ɖe ame aɖe si hiã tu ŋu gɔ̃ hã. Eƒe dɔtɔ hã ade asixɔxɔ eŋu. Eya ta ne ame aɖe doa vevie dɔa, asesẽ ŋutɔ hafi dɔ nage le esi. Ŋɔŋlɔawo gblɔe wòsɔ nyuie be “Mawu ƒe nunanae” viɖe si dona tso dɔ sesẽ wɔwɔ mea nye.—Nyagblɔla 3:13.

Ði Anukware

“Míeka ɖe edzi be dzitsinya nyui le mía si, elabena míedina be míaɖi anukware le nuwo katã me.”—HEBRITƆWO 13:18.

Ne míetoa nyateƒea, enana bubu nɔa mía ŋu, míeɖea dzi ɖi, eye míedɔa alɔ̃ nyuie le zã me. Tsɔ kpe ɖe eŋua, amewo aka ɖe mía dzi eye woade bubu mía ŋu. Menɔa alea na ame siwo daa alakpa o. Azɔ hã, woƒe dzitsinya ate ŋu aɖe fu na wo eye woanɔ vɔvɔ̃m be amewo ava nya nu tso yewoƒe alakpanuwɔwɔwo ŋu gbe ɖeka.

Mègana Ga Nanye Nu Vevitɔ Na Wò O

“Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me, eye nu siwo le mia si fifia la nadze mia ŋu.”—HEBRITƆWO 13:5.

Míehiã ga be míatsɔ aƒle nuɖuɖu kple nuhiahiã vevi bubuwo. Ke hã, “galɔlɔ̃” nye afɔku gã aɖe. Ame si lɔ̃ gaa ate ŋu azã eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ gbogbo atsɔ avu ɖe gadidi ŋu. Esia ate ŋu ahe kuxiwo va eƒe srɔ̃ɖeɖe me, ate ŋu awɔe be makpɔ vovo ɖe viawo ŋu o, eye ate ŋu agblẽ nu le eƒe lãmesẽ ŋu gɔ̃ hã. (1 Timoteo 6:9, 10) Gawua, ate ŋu anɔ bɔbɔe na ame si lɔ̃ gaa be wòada alakpa. Nunyala aɖe gblɔ be: “Woayra nuteƒewɔla geɖe, ke ame si tsi klokloklo ɖe hokpɔkpɔ ŋu la, fɔɖiɖi magbe eŋu nɔnɔ o.”—Lododowo 28:20.

Tia Nufiafia Nyuitɔ Kekeake

“Lé nunya vavãtɔ me ɖe asi eye nàdzɔ tamebubuŋutete ŋu.”—LODODOWO 3:21.

Sukudede kpena ɖe mía ŋu míetsina nyea ame ɖɔʋuwo kple dzila nyuiwo. Gake sukudede ɖeɖe mate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme vavã o. Ne míedi be nu sia nu si míewɔna le agbe me nadze edzi na mí la, ke ele be Mawu nafia nu mí. Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso ame si ɖoa to Mawu ŋu be: “Nu sia nu si wòwɔna la adze edzi.”—Psalmo 1:1-3.

Dzi dzɔam Eye Nye Dzi Dze Eme

“Le míaƒe nutoa mea, ame geɖe kua kutri vevie be yewoade suku ayi ŋgɔ, azu gatɔwo kple ame xɔŋkɔwo. Ne woɖo woƒe taɖodzinuawo gbɔ hã, womekpɔa dzidzɔ vavãtɔ o. Biblia kpe ɖe ŋunye menya nu si nye nu vevitɔ le agbe me. Mesrɔ̃e be ga ate ŋu akpɔ mía ta le mɔ aɖewo nu, gake mate ŋu ana míake ɖe dzidzɔ alo lɔlɔ̃ vavã ŋu o. Dzi dzɔam eye nye dzi dze eme, elabe Biblia kpena ɖe ŋunye metsoa nya me nyuie le ganyawo kple dɔwɔɖui ŋu.”—Kishore.

Kishore.

Srɔ̃ nu geɖe kpee:

Ne èdi aɖaŋu nyui bubu siwo mía Wɔlaa ɖo ku ɖe dɔ, ga kple sukudede ŋua, ʋu jw.org eye nàyi BIBLIA ƑE NUFIAFIAWO > ŊUTIFAFA KPLE DZIDZƆKPƆKPƆ.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe