INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w05 3/15 axa 31
  • ‘Abe Sardis-kpe Xɔasi aɖe Ene’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Abe Sardis-kpe Xɔasi aɖe Ene’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
w05 3/15 axa 31

‘Abe Sardis-kpe Xɔasi aɖe Ene’

APOSTOLO Yohanes kpɔ dziƒo ŋutikɔkɔe fiazikpui aɖe ƒe ŋutega. Eye Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la “le abe yaspis-kpe ene.” Eƒe dzedzeme gale abe “sardis-kpe” xɔasi aɖe hã ene. (Nyaɖeɖefia 4:2, 3) Kpe kawoe nye esiawo?

Menye kpe siwo ƒe ŋkume klẽna evɔ kekeli metona wo me o wonye o. Le blema la, wozã Helagbe me nya si gɔme woɖe be “yaspis” wòfiana kpe siwo le amadede vovovowo me, siwo dome kpe xɔasi siwo me kekeli te ŋu tona hã le. A. T. Robertson gblɔ le agbalẽ si nye Word Pictures in the New Testament me be: “Edze ƒã be menye egbegbe yaspis si míenya si ŋu asixɔxɔ boo mele o lae yaspis-kpe” si ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 4:3 “la nye kura o.” Azɔ hã Yohanes ɖɔ dziƒodu, Yerusalem, le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽ me gblɔ bena: “Eƒe keklẽ le abe kpe xɔasi ŋutɔ aɖe ene, hele abe yaspis-kpe, si me kɔ abe kristalo ene.” (Nyaɖeɖefia 21:10, 11) Edze ƒã be kpe siwo ŋu Yohanes ƒo nu tsoe la nye esiwo me kekeli te ŋu tona.

Amesi ŋu woƒo nu tsoe be enɔ anyi ɖe fiazikpui dzi le Yohanes ƒe ŋutegaa me lae nye Yehowa Mawu, Amesi ƒe ŋutikɔkɔe ƒo ɖesiaɖe ta le xexeame katã. Eƒe dzadzɛnyenye kple kɔkɔenyenye ƒo ɖesiaɖe ta ale gbegbe be mele gbɔgblɔ me o. Le ɖekawɔwɔ me kple esia la, apostolo Yohanes ŋlɔ bena: “Mawu enye kekeli, eye viviti aɖeke mele eme o.” (Yohanes I, 1:5) Le esia ta Yohanes xlɔ̃ nu haxɔsetɔwo be ‘woakɔ wo ɖokui ŋuti, abe alesi Yehowa hã ŋuti kɔe ene.’—Yohanes I, 3:3.

Nukae míawɔ be Mawu nabu mí ame dzadzɛwoe? Alesi míaxɔ Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖi hena míaƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke dzi ase la le vevie ŋutɔ. Azɔ hã ele be míayi edzi anɔ ‘zɔzɔm le kekeli me’ to Biblia sɔsrɔ̃ ɣesiaɣi kple agbenɔnɔ ɖe eƒe nufiafiawo nu me.—Yohanes I, 1:7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe