Agbenɔnɔ koɖo sumɔsumɔdɔ bɔbɔ nukplawema nyɔsoxuwo
5-11 AOÛT
MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | 2 TIMƆTE 1-4
‘Mawu de na vɔnvɔn gbɔngbɔn mì o’
w09-EW 5/15 15 mm. 9
Sɔhɛwo—Mina Miaƒe Ŋgɔgbedede Nadze Ƒãa
9 Be Paulo nakpe ɖe Timoteo ŋu la, egblɔ ŋkuɖodzinya sia nɛ emegbe be: “Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o, ke ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kpakple ŋuɖɔɖo ƒe gbɔgbɔ boŋ.” 2Tim. 1:7) “Ŋuɖɔɖo” bia be woabu tame ahade ŋugble tso nuwo ŋu nunyatɔe. Ebia be ŋutete nanɔ ame si wòakpe akɔ kple nɔnɔmeawo ale si wole ŋutɔŋutɔ, ke menye be wòadi be nuwo nanɔ abe ale si yedii ene o. Sɔhɛ aɖewo siwo metsi le gbɔgbɔ me o la ɖea vɔvɔ̃gbɔgbɔ fiana, eye wodzea agbagba be yewoasi le nɔnɔme donuxaxanamewo nu le susu me to alɔ̃dɔdɔ alo television kpɔkpɔ atraɖii, atike vɔ̃ɖiwo zazã alo aha tsu nono, kplɔ̃ɖoƒewo dede edziedzi, alo gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ dzi. Woxlɔ̃ nu mí Kristotɔwo be “míagbe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple xexea me nudzodzrowo, eye be míanɔ agbe le ŋuɖɔɖo kple dzɔdzɔenyenye kpakple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu me le fifi nuɖoanyi sia me.”—Tito 2:12.
w03-EW 3/1 9 mm. 7
“Milé Dzi Ðe Ƒo, Eye Misẽ Ŋu!”
7 Esime Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Timoteo la, egblɔ be: ‘Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o, ke boŋ ŋusẽ. Eyata ŋu nagakpe wò le mía Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi la ŋu o.’ (Timoteo II, 1:7, 8; Marko 8:38) Esi míexlẽ nya mawo la, míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Ðe nye dzixɔse kpea ŋu nama, alo ɖe dzi nɔa ƒonye? Le nye dɔwɔƒe (alo suku) la, ɖe menaa amesiwo dome mele la nyana be Yehowa Ðasefoe menyea, alo ɖe medzea agbagba be maɣla ɖokuinyea? Ðe wòkpea ŋu nam be meto vovo tso ame bubuwo gbɔa, alo ɖe wònye dada nam be meto vovo le mía kple Yehowa dome ƒomedodo taa?’ Ne vɔvɔ̃ ɖoa ame aɖe le gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋu alo ŋu kpenɛ be yeƒe dzixɔse to vovo tso amewo tɔ gbɔ la, neɖo ŋku nuxlɔ̃ame si Yehowa na Yosua dzi, be: “Lé dzi ɖe ƒo, eye nasẽ ŋu.” Mègaŋlɔ be gbeɖe o be menye míaƒe dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo ƒe nukpɔsusue le vevie o, ke boŋ Yehowa kple Yesu Kristo ƒe nukpɔsusue.—Galatiatɔwo 1:10.
Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji
w17.07-EW 10 mm. 13
Di Kesinɔnu Vavãwo
13 Timoteo nye ame si si xɔse nɔ. Esi Paulo yɔ Timoteo be “Kristo Yesu ƒe asrafo nyui” vɔ la, egblɔ nɛ be: “Ame si le asrafodɔ wɔm la megaƒoa eɖokui ɖe asitsadɔ siwo amewo wɔna le agbe me la me o, ale be wòadze ame si xɔe ɖe asrafodɔa me la ŋu.” (2Tim. 2:3, 4) Egbea, Yesu yomedzelawo, siwo dome ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla miliɔn ɖeka kple edzivɔwo le la, wɔa Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi le ale si woƒe nɔnɔmea ɖe mɔe nu. Womeɖea mɔ boblododowo kple ame siwo dome wole ƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi o, elabena woɖoa ŋku Biblia me mɔfiame vevi sia si gblɔ be, “Ame si doa nu le ame si la zua kluvi na ame si si wòdo nua le” la dzi. (Lod. 22:7) Adzɔ dzi na Satana ŋutɔ be yeana míazã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ katã agbla ɖe dɔwɔwɔ ŋu le xexe sia me asitsanuɖoanyia me abe kluviwo ene. Míaƒe nyametsotso aɖewo ate ŋu awɔe be míazu fenyilawo ƒe geɖe. Ame aɖewo doa ga gbogbowo tsɔ ƒlea aƒe alo ʋu xɔasiwo, tsɔ dea suku alo wɔa srɔ̃ɖeɖe kpeɖiwo gɔ̃ hã, eye esia hea wo dea gakuxi sesẽwo me. Míeɖenɛ fiana be míedze aɖaŋu ne míenɔa agbe tsɛ eye míeƒoa asa na fenyinyi kple gagbegblẽ. Ne míewɔe alea la, míavo awɔ subɔsubɔdɔ na Mawu tsɔ wu be míazu kluviwo na xexe sia ƒe asitsanuɖoanyia.—1Tim. 6:10.
w14-EW 7/15 14 mm. 10
Yehowa Ƒe Amewo ‘Tena Ða Le Nu Madzɔmadzɔ Wɔwɔ Gbɔ’
10 Egbea, mebɔ be míakpɔ xɔsegbelawo le hamea me o. Ke hã ne ame aɖe do nufiafia siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o ɖa, afi ka kee nufiafia mawo ɖatso o la, ele be míagbe wo enumake. Susu manɔ eme be míanɔ nya hem kple xɔsegbelawo ŋutɔ tẽe, alo anɔ nu me ɖem na wo to Internet dzi, alo to mɔ bubu aɖe nu o. Ne míaƒe taɖodzinue nye be míakpe ɖe ame mawo ŋu gɔ̃ hã la, dzeɖoɖo kpli wo nye nu si tsi tre ɖe aɖaŋu si Ŋɔŋlɔawo ɖo na mí ŋu. Esi míenye Yehowa subɔlawo ta la, míetena ɖa le xɔsegbelawo ŋu, ɛ̃, míeƒoa asa na wo keŋkeŋ.
12-18 AOÛT
MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | TITU 1–FILEMƆ
“Ðo hamɛmɛshinshinwo”
w14-EW 11/15 28-29 [Nyati bubuwo]
Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo meƒo nu tso ale si woɖoa nɔviŋutsuwoe ɣemaɣi ŋu tsitotsito o hã la, eɖe nanewo fia mí ku ɖe ale si wowɔnɛ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esime Paulo kple Barnaba trɔ tso woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me gbɔna aƒe la, “woɖo hamemetsitsiwo . . . le hame ɖe sia ɖe me, eye esi wotsi nu dɔ do gbe ɖa la, wotsɔ wo de Yehowa, ame si dzi woxɔ se la, si me.” (Dɔw. 14:23) Ƒe aɖewo megbe la, Paulo gblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe eƒe mɔzɔhati Tito me be: “Susu sia tae megblẽ wò ɖe Kreta ɖo, be nàɖɔ nu siwo gblẽ la ɖo, eye nàɖo hamemetsitsiwo tso du me yi du me, abe ale si mede se na wòe ene.” (Tito 1:5) Edze abe wode dɔ ma ke tɔgbi asi na Timoteo, si nɔ apostolo Paulo ŋu le eƒe mɔzɔzɔ geɖewo me la hã. (1Tim. 5:22) Eya ta edze ƒãa be dzikpɔla mɔzɔlawoe ɖoa nɔviŋutsuwo agbanɔamedzinɔƒewo, ke menye apostolowo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem lae o.
Le Biblia me kpɔɖeŋu siawo ta la, Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa wɔ asitɔtrɔ le ale si woɖoa hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawoe ŋu. Tso September 1, 2014 dzi la, ɖoɖo si nu woɖoa nɔviŋutsuwoe nye esi: Nutome sue dzikpɔla ɖe sia ɖe dzroa nya siwo wogblɔ tsɔ kafu nɔviŋutsuwo le eƒe nutome suea me la me nyuie. Ne eva le hameawo srãm kpɔ la, adze agbagba be yeadze si ame siwo wokafu la, eye wòazɔ kpli wo le gbeadzi ne anya wɔ. Ne nutome sue dzikpɔlaa dzro nya siwo wogblɔ tsɔ kafu nɔviawoe la me kple hamemetsitsiwo ƒe haa vɔ la, agba le edzi azɔ be wòaɖo hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le nutome sue si subɔm wòle la ƒe hamewo me. Ewɔwɔ alea nana wònɔna abe ɖoɖo si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ene.
Ame kawoe wɔa akpa vovovowo le ɖoɖo sia me? Abe ale si wònɔna ɖaa ene la, “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la ƒe agbanɔamedzie wònye be wòanyi aƒemesubɔviwo. (Mat. 24:45-47) Esia bia be woadzro Ŋɔŋlɔawo me le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me, eye woana mɔfiamewo ku ɖe ale si míawɔ Biblia me gɔmeɖose siwo ku ɖe ɖoɖo siwo dzi wòle be woazɔ ɖo le xexea me godoo ƒe hamea me ŋui la ŋu dɔ. Kluvi nuteƒewɔla lae ɖoa nutome sue dzikpɔlawo kple Alɔdzekɔmiti me tɔwo katã. Eye alɔdzedɔwɔƒewo hã naa kpekpeɖeŋu si hiã ale be woate ŋu azɔ ɖe mɔfiame siwo woxɔ la dzi. Agba le hamemetsitsiwo ƒe ha ɖe sia ɖe dzi be woadzro eme kpɔ nyuie be nɔviŋutsu siwo kafum wole be woaɖo le Mawu ƒe hamea me la ɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiwo gbɔ hã. Agba gã aɖe le nutome sue dzikpɔla ɖe sia ɖe dzi be wòado gbe ɖa ahadzro eme kpɔ nyuie be nɔvi siwo hamemetsitsiwo kafu la dze hã hafi wòaɖo wo.
Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji
w89-F 15/5 31 mm. 5
Enyɔbiɔse ciwo yí so yi hlɛntɔwo gbɔ
Le nyɔnɔnwi mɛɔ, de egbe yí Pɔlu xɔkɔ do enyɔbudoamɛnu ci wonu so Kretitɔwo pleŋ nu ji o. Mìatɛnŋ alɔn do enyɔ cɛ ji, ɖo Pɔlu nya mɔ Kristotɔ nywi ciwo nu yí jeŋ nɔ Mawu le Kreti yí Mawu sɔ gbɔngbɔn kɔkɔɛ Yi tɔ shi ami nɔ wo. (Edɔ 2:5, 11, 33) Kristotɔ egbejinɔtɔ ciwo yí aɖo hamɛwo le “ejugan ɖeka ɖeka mɛ” sugbɔ le Kreti ju lɔ mɛ. Ci Kristotɔ cɛwo nyi amɛ makpemakpewo can ɔ, mìatɛnŋ akando ji mɔ wodenyi ŋsukantɔ koɖo sukanuɖutɔ ɖyiɖɔnɔwo o. Nɔ wowukɔ adɛn ŋtɔ́wo saɔ, wowo nu dakpɔtɔ ajɔkɔ ji nɔ Yehowa o. (Filipitɔwo 3:18, 19; Enyɔdasɛ 21:8) Gbesɔ kpe niɔ, shigbe lé ele le ejuwo pleŋ mɛ gbɛ hannɛɔ, ejinywitɔ ciwo yí agbenywimanɔmanɔ amɛwo tɔ kukɔ lanmɛ nɔ yí wole gbesɔsɔ axɔ Kristotɔwo ŋɛnywi lɔ le Kreti ju lɔ mɛ hɛnnɛ.—Ezekiɛli 9:4; sɔ sɔ koɖo Edɔwawawo 13:48.
w08-EW 10/15 31 mm. 4
Nya Vevi Siwo Tso Lɛta Siwo Woŋlɔ Ðo Ðe Tito, Filemon, Kpakple Hebritɔwo Me
15, 16—Nu ka tae Paulo mebia tso Filemon si be wòana ablɔɖe Onesimo o? Paulo di be yealé mo ɖe dɔ si wode asi na ye la ɖeɖe ko wɔwɔ ŋu, si nye ‘gbeƒãɖeɖe Mawu fiaɖuƒe la kple nu siwo ku ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo ŋu la fiafia.’ Eya tae wòtiae be yemade nu hadomenyawo, abe esiwo ku ɖe kluvinyenye ŋu ene la, me o ɖo.—Dɔw. 28:31.
19-25 AOÛT
MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | EBRETƆWO 1-3
“Lɔn enujɔjɔɛ yí agbe ha nɔ nuvɔn”
w14-EW 2/15 5 mm. 8
Kafu Kristo, Fia Si Wodo Ŋutikɔkɔe Na!
8 Yehowa ɖo Via wòzu Mesia Fia le dziƒo le ƒe 1914 me. Eƒe “fiaɖuƒe ƒe fiatikplɔ enye fiatikplɔ dzɔdzɔe,” eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be aɖu dzi le ameŋkumemakpɔmakpɔ kple dzɔdzɔenyenye me. Edze aɖu dzi elabena Mawue nye eƒe fiazikpui, si fia be Yehowae ɖoe Fia. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu ƒe fiazikpuia anɔ anyi “ɖaa tegbee.” Ðe menye dada na wò ŋutɔ be nèle Yehowa subɔm le Fia kalẽtɔ sia si Mawu ɖo la ƒe dziɖuɖu te oa?
w14-EW 2/15 4-5 mm. 7
Kafu Kristo, Fia Si Wodo Ŋutikɔkɔe Na!
7 Mixlẽ Psalmo 45:7, 8. Esi Yesu lɔ̃a dzɔdzɔenyenye eye wòléa fu nu sia nu si doa vlo Fofoa ƒe ŋkɔ ta la, Yehowa si ami nɛ wòzu Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia. Wosi “dzidzɔmi na” Yesu wòƒo ‘ehatiwo’ ta, si fia be eƒo Yuda-fia siwo tso David ƒe fiaƒomea me la ta. Le mɔ kawo nu? Gbã la, Yehowa ŋutɔe si ami na Yesu tẽe. Evelia, Yehowa si ami nɛ wòzu Fia kple Nunɔlagã siaa. (Ps. 2:2; Heb. 5:5, 6) Etɔ̃lia, menye ami ŋutɔŋutɔe wosi na Yesu o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe wotsɔ si ami nɛ. Eye mlɔeba la, eƒe dziɖuɖua mele anyigba dzi o ke boŋ dziƒoe wòle.
Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji
it-1-F 1170 mm. 4
Nɔnɔmɛ
Yesu sran Edalɔ nɔnɔmɛwo pɛpɛpɛ do alɔ ɖekɛ ji gashiagamɛa?
Mawu Vi ŋkɔtɔ, mɛ ci yí vanyi agbetɔ yí woyɔɛ mɔ Yesu, ɖyi Dalɔ. (2Kor 4:4) Kankandoji li mɔ Evi ŋtɔ́ yí Mawu nunuɔ nɔ mɔ, “Mì a ɖo agbetɔ yí aɖyi mìwoŋtɔwo” nɛ. Ecɛ dasɛ mɔ so hwenu ci wowa Evi lɔɔ, éɖyi Dalɔ, mɛ ci yí nyi Gbɛɖotɔ lɔ. (Gɔnm 1:26; Ʒan 1:1-3; Kol 1:15, 16) Hwenu ci eva nɔ nyigban ji shigbe agbetɔ blebu maɖonuvɔn hannɛɔ, édasɛ Dalɔ nɔnɔmɛwo koɖo amɛnyinyi yi tɔ keke yí je fini agbetɔwo asun ji awɛ sɛn. Eyi taɖo enu mɔ “amɛ ci yí kpɔ Ŋ ɔ, é kpɔ Eda.” (Ʒan 14:9; 5:17, 19, 30, 36; 8:28, 38, 42) Lé Yesu ɖyi Dalɔ do gbevawugan doji hwecinu wofuin yí enyi gbɔngbɔnmɛmɛ yi jeŋkwimɛ, yí Dalɔ, Yehowa Mawu sɔ “ŋsɛn pleŋ . . . le jeŋkwi mɛ koɖo le nyigban ji” ni. (1 Piɛ 3:18; Mt 28:18) So hwenu Mawu sɔ Yesu ɖo ‘texwe ci yí wugan wuɔ,’ Mawu Vi lɔ vadadasɛ nɔnɔmɛ Dalɔ tɔ sugbɔ sɔwu hwecinu eso le jeŋkwimɛ yí va nyigban ji. (Fili 2:9; Ebr 2:9) Evyɛɔ, Eyi nyi “enu ci Mawu nyi teŋ.”—Ebr 1:2-4.
it-1-F 478 mm. 1
Jeŋkwi
Wozannɔ enyɔ ciwo yí le Ehajiji Wema 102:25, 26 mɛ nɔ Yehowa Mawu. Vɔ apostolo Pɔlu zan wo yí sɔ hɛn susu yi Yesu Kristo ji. Enu ci yí taɖo yí nyi mɔ, Mawu Vi akogo lɔ yí Mawu ŋtɔ zan yí sɔ wa enu ciwo wokpɔnɔ. Enyɔ ci Pɔlu nukɔ yí nyi mɔ, nɔ Mawu avaji mɔ ‘yeaŋwlan’ enuwawa ciwo yí wokpɔnɔ ‘shigbe awu gangan nɛ’ yí asɔ wo ɖo akpa can ɔ, Evi lɔ yɛ ani tɛgbɛɛ.—Ebr 1:1, 2, 8, 10-12; sɔ sɔ koɖo 1 Piɛ 2:3.
26 AOÛT–1er SEPTEMBRE
MAWU NYƆ MƐ DƆKUNUWO | EBRETƆWO 4-6
“Wa nushianu ci ji èkpe keŋ aɖo gbɔnjɔɛ Mawu tɔ lɔ mɛ”
w11-EW 7/15 24-25 mm. 3-5
Mawu Ƒe Dzudzɔ La—Nu Kae Wònye?
3 Kpeɖodzi eve aɖewo na míeƒo nya ta be le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, ŋkeke adrelia gakpɔtɔ nɔ edzi yim. Gbã la, mina míade ŋugble tso nya siwo Yesu gblɔ na tsitretsiɖeŋula siwo he nya ɖe eŋu be eda gbe le Sabat dzi, esi wosusu be esia nye dɔwɔwɔ ta, la ŋu. Aƒetɔ la gblɔ na wo be: “Fofonye le dɔ wɔm va se ɖe fifia, eye nye hã meyi edzi le dɔ wɔm.” (Yoh. 5:16, 17) Yesu ƒe nya siawo gɔme ɖe? Wonɔ Yesu nu tsom be enɔ dɔ wɔm le Sabat dzi. Eƒe nyaŋuɖoɖo si nye be, “Fofonye le dɔ wɔm” la ɖo nya si wotsɔ ɖe eŋu la ŋu. Ne míagblɔe tututua, Yesu nɔ gbɔgblɔm na enutsolawo be: ‘Dɔ ɖeka tɔgbi wɔmee mía kple Fofonye míele. Esi wònye be Fofonye gakpɔtɔ le dɔ wɔm le Sabat aɖe, si xɔ ƒe akpewo, dzi ta la, nye hã mate ŋu awɔ dɔ le Sabat la gɔ̃ hã dzi faa.’ Eya ta Yesu nɔ gbɔgblɔm be, le anyigbaa gome la, ŋkeke adrelia si nye Mawu ƒe Sabat dzudzɔgbe gã la mewu enu le eƒe anyigbadzinɔɣi o.
4 Míekpɔ kpeɖodzi evelia le nya siwo apostolo Paulo gblɔ me. Esime Paulo nɔ nya yɔm tso 1 Mose 2:2 ku ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la ŋu la, gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ bena: “Mí ame siwo ɖee fia be xɔse le mía si la, míeyina ɖe dzudzɔ la me.” (Heb. 4:3, 4, 6, 9) Eya ta ŋkeke adrelia ganɔ edzi yim le Paulo ƒe ŋkekea me. Ɣeyiɣi didi kae dzudzɔŋkeke sia ayi edzi ase ɖo?
5 Be míate ŋu aɖo nyabiase sia ŋu la, ele be míaɖo ŋku tameɖoɖo si nɔ ŋkeke adrelia ŋu la dzi. Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ 2:3 ɖe eme ale: “Eye Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòkɔ eŋuti.” Yehowa ‘kɔ ŋkeke ma ŋu,’ alo ɖee ɖe vovo—ale be wòana eƒe tameɖoɖo nava eme bliboe. Tameɖoɖo mae nye be ŋutsu kple nyɔnu toɖola siwo alé be na anyigba kple nu siwo katã le agbe le edzi la nayɔ anyigba la dzi. (1 Mose 1:28) Tameɖoɖo sia me vava tae Yehowa Mawu kple Yesu Kristo, si nye ‘sabat ƒe Aƒetɔ la,’ siaa “le dɔ wɔm va se ɖe fifia” ɖo. (Mat. 12:8) Mawu ƒe dzudzɔgbe la ayi edzi va se ɖe esime eƒe tameɖoɖo si ku ɖe eŋu nava eme bliboe le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu.
w11-EW 7/15 25 mm. 6
Mawu Ƒe Dzudzɔ La—Nu Kae Wònye?
6 Woɖe Mawu ƒe tameɖoɖowo me na Aɖam kple Xawa eme kɔ nyuie, gake womete ŋu wɔ nu wòwɔ ɖeka kplii o. Le nyateƒe me la, Adam kple Xawa ye nye ame eve gbãtɔ siwo gbe toɖoɖo Mawu. Ame miliɔn geɖewo hã dze wo yome emegbe. Mawu ƒe dukɔ tiatia la gɔ̃ hã gbe toɖoɖo eyama. Eye eɖe dzesi be Paulo xlɔ̃ nu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be, tomaɖomaɖo ƒe mɔ̃ sia ate ŋu aɖe wo dometɔ aɖewo hã abe ale si wòɖe blema Israel viwo ene. Eŋlɔ bena: “Eya ta mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míage ɖe dzudzɔ ma me, bene ame aɖeke nagage ɖe tomaɖomaɖo ƒe nuwɔna ma tɔgbi me o.” (Heb. 4:11) De dzesii be Paulo tsɔ tomaɖomaɖo do ƒome kple Mawu ƒe dzudzɔ me mayimayi. Nu kae esia fia mí? Ne wòanye be míadze aglã ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo ŋu le mɔ aɖe nu la, ɖe wòate ŋu adzɔ be esia naxe mɔ na mí be míayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me oa? Edze ƒãa be nya sia ƒe ŋuɖoɖo le vevie na mí ale gbegbe, eya ta míadzro eme ayi ŋgɔe. Gake va ɖo afi sia la, mina míadzro kpɔɖeŋu gbegblẽ aɖe si Israel viwo ɖo la me ne míakpɔ nu bubu siwo míagate ŋu asrɔ̃ tso Mawu ƒe dzudzɔ la me yiyi ŋu.
w11-EW 7/15 27-28 mm. 16-17
Mawu Ƒe Dzudzɔ La—Nu Kae Wònye?
16 Le mí Kristotɔ siwo li egbea gome la, mía dometɔ aɖeke mate tɔ ɖe edzi be ele kokoko be ame nawɔ ɖe Mose ƒe Sea ƒe akpa aɖewo dzi hafi akpɔ ɖeɖe o. Míese nya siwo gbɔgbɔ ʋã Paulo wòŋlɔ na Efesotɔwo la gɔme nyuie esi wògblɔ be: “Amenuveve siae na woɖe mi to xɔse me; eye menye mia gbɔe esia tso o, Mawu ƒe nunana ye. Ao, metso dɔwɔwɔwo me o, bene naneke naganɔ anyi, si ta ame aɖe naƒo adegbe ɖo o.” (Ef. 2:8, 9) Ekema aleke Kristotɔwo ate ŋu ayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me? Yehowa ɖe ŋkeke adrelia—si nye eƒe dzudzɔgbe—la ɖe vovo be yeana tame si yeɖo ɖe anyigbaa ŋu la nava eme le ŋutikɔkɔe me. Míate ŋu ayi ɖe Yehowa ƒe dzudzɔ la me—alo awɔ ɖeka kplii le eƒe dzudzɔ la me—ne míeɖo toe eye míewɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple eƒe tameɖoɖo si le eme vam, si wòɖe fia mí to eƒe habɔbɔa dzi.
17 Ke hã ne míebua aɖaŋuɖoɖo siwo wotu ɖe Biblia dzi, siwo míexɔna to kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha dzi la ɖe naneke me o eye míetiae be míawɔ nu le mía ɖokui si la, afia be míele tsitre tsim ɖe Mawu ƒe tameɖoɖo si le eme vam la ŋu. Esia ate ŋu ade xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kple Yehowa dome la afɔku me. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro nɔnɔme aɖewo, siwo naa mɔnukpɔkpɔ mí Mawu ƒe amewo be míaɖee afia nenye be míenye toɖolawo la me. Nyametsotso siwo míewɔna le nɔnɔme siawo me la ɖenɛ fiana nenye be míeyi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la me vavã.
Bibla mɛ nuxɔafiwo jiji
w16.09-EW 13
Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Nu kae nye “Mawu ƒe nya” si ŋu Hebritɔwo 4:12 gblɔ le be ele “agbe, eye ŋusẽ le eŋu”?
▪ Nya si gblɔm apostolo Paulo nɔ hafi gblɔ nya mawo ɖee fia be Mawu ƒe gbedeasi, alo eƒe tameɖoɖo si wògblɔ, abe esiwo le Biblia me ene lae wòwɔnɛ.
Míeyɔa Hebritɔwo 4:12 me nyawo zi geɖe le míaƒe agbalẽwo me tsɔ ɖenɛ fiana be ŋusẽ le Biblia ŋu be wòatrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ, eye esɔ be míagblɔe alea. Gake anyo be nya siwo ƒo xlã Hebritɔwo 4:12 nakpe ɖe mía ŋu míabu eŋu ayi ŋgɔe. Le afi ma Paulo nɔ dzi dem ƒo na Hebri Kristotɔwo be woawɔ nu wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe tameɖoɖo. Mawu ƒe tameɖoɖo geɖe dze le ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo me. Paulo zã ale si Mawu ɖe Israel-viwo tso Egipte tsɔ wɔ kpɔɖeŋui. Mɔkpɔkpɔ si ʋu ɖi na woe nye be woayi anyigba si ŋugbe wodo na wo “si dzi notsi kple anyitsi le sisim le” dzi, afi si woakpɔ gbɔdzɔe alo dzudzɔ vavã le.—2 Mose 3:8; 5 Mose 12:9, 10.
Tame siae Mawu gblɔ be yeɖo. Gake Israel-viwo sẽ dzi me emegbe eye xɔse menɔ wo si o, eya ta wo dometɔ akpa gãtɔ mege ɖe dzudzɔ ma me o. (4 Mose 14:30; Yos. 14:6-10) Ke hã Paulo gblɔ kpee be Mawu ƒe “dzudzɔ la me yiyi ƒe ŋugbedodo kpɔtɔ li.” (Heb. 3:16-19; 4:1) Edze ƒãa be “ŋugbedodo” ma nye Mawu ƒe tameɖoɖo si wòɖe gblɔ la ƒe akpa aɖe. Abe Hebri Kristotɔwo ene la, míawo hã míate ŋu asrɔ̃ nu tso ŋugbedodo mawo ŋu ahawɔ nu wòasɔ ɖe enu. Paulo yɔ nya tso 1 Mose 2:2 kple Psalmo 95:11 tsɔ te gbe ɖe edzi be Ŋɔŋlɔawo mee ŋugbedodo sia tso.
Ele be wòado dzidzɔ na mí be Mawu ƒe “dzudzɔ la me yiyi ƒe ŋugbedodo kpɔtɔ li.” Míeka ɖe edzi be nya si Biblia gblɔ tso Mawu ƒe dzudzɔ la me yiyi ŋu ava eme ŋutɔŋutɔ, eye míele nu siwo sɔ wɔm be míage ɖe eme. Menye Mose ƒe Sea me léle ɖe asi alo dɔ nyui bubu aɖewo wɔwɔe ana Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o. Ke boŋ ale si míelɔ̃ be míanɔ agbe wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe tameɖoɖo eye míeyi edzi le ewɔm lae. Hekpe ɖe eŋu la, ame akpe geɖe siwo le xexea me godoo le Biblia srɔ̃m be yewoanya Mawu ƒe tameɖoɖowo. Esia ʋãa wo dometɔ geɖe wotrɔa woƒe agbenɔnɔ, wova xɔa Mawu dzi se, eye woxɔa nyɔnyrɔ zua Kristotɔwo. Ŋusẽ si kpɔm wòle ɖe wo dzi ɖee fia be “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.” Ɛ̃, Mawu ƒe tameɖoɖo si wòɖe gblɔ le Biblia me la kpɔ ŋusẽ geɖe ɖe míaƒe agbe dzi xoxo, eye ayi edzi anɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzi.
it-1-F 799 mm. 7
Emɔkpɔkpɔ
Agbe mavɔ koɖo magblemagble mɔkpɔkpɔ cɛ ci yí li nɔ mɛ ciwo “woyɔ nɔ jeŋkwimɛ yiyi” (Ebr 3:1, nwt) lo do sɛnsinɖe yí gbenyi enu ci ji woakando keŋkeŋ. Enu amɛve ciwo mɛ Mawu datɛnŋ akan ŋsu le o, yí ɖo kpe emɔkpɔkpɔ cɛ ji. Wowo yí nyi gbeɖu koɖo nublabla yi tɔ. Gbesɔ kpe niɔ, emɔkpɔkpɔ lɔ le Kristo, mɛ ci yí xɔ makumakunyinyi le jeŋkwimɛ yɛ mɛ. Eyi taɖo wonu mɔ emɔkpɔkpɔ lɔ le shigbe ‘gaka lodo ci wo sɔ lenɔ tɔjihun ɖashi le etɔ ji ɛnɛ. É sɛnŋ yi hɛn mìwo kla ɖashi sɛnsinɖe. É yì Afi Kɔkwɛ gangan lɔ le ŋgbe nɔ xɔmɛsovɔn lɔ [shigbe lé Mawu ɖexotɔgan ɖonɔ kɔkɔɛ tɔxuwo kɔkɔɛ tɔxu le Ʒuifuwo nublabla zan ji nɛ], fini ŋkɔjetɔ lɔ yi do mìwo tamɛ le, ci yí nyi Yesu, mɛ ci yí trɔsun Mawu ɖexotɔgan shigbe Mɛlkisedɛki ɛnɛ keke sɔyì mavɔmavɔ.’—Ebr 6:17-20.