-
1 Mose 47:29, 30Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
29 Esi Israel kpɔ be yeƒe kuɣi nɔ ɖoɖom la,+ eyɔ via Yosef, eye wògblɔ nɛ be: “Ne ève nunye la, ekema meɖe kuku, tsɔ wò asi de nye ata te nàka atam nam be yeave nunye ahawɔ nuteƒe nam. Meɖe kuku, mègaɖim ɖe Egipte o.+ 30 Ne meku la, ekema nàkɔm adzoe le Egipte aɖaɖi ɖe tɔgbuinyewo ɖiƒe.”+ Eye wòɖo eŋu be: “Mawɔe abe ale si tututu nègblɔe ene.”
-
-
1 Mose 50:13Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
13 Ale viawo kɔe yi Kanaan-nyigba dzi, eye woɖii ɖe agado si le Makepela-nyigba dzi la me; anyigba mae Abraham ƒle le Hititɔ Efron si, le Mamre ŋgɔ be wòazu yeƒe ameɖiƒe.+
-