Dzoɖa, July 28
Ame si le mia dzi la lolo wu ame si le xexea dzi.—1 Yoh. 4:4.
Ne vɔvɔ̃ ɖo wòa, de ŋugble le nu siwo Yehowa awɔ le etsɔme ne Satana kple ame vɔ̃ɖiwo megali o ŋu. Míekpɔ wɔwɔfia aɖe le ƒe 2014 takpekpe gãa me si ɖe ale si vifofo aɖe dzro 2 Timoteo 3:1-5 me kple eƒe ƒomea, eye wòtrɔ asi le kpukpui ma me nyawo ŋu be wòaku ɖe ale si agbea anɔ le Paradisoa me ŋu. Egblɔ be: “Le xexe yeyea mea, dzidzɔ sɔŋ axɔ aƒe ɖi. Elabe amewo anye ame siwo lɔ̃a ame, ame siwo dea asixɔxɔ woa kple Mawu dome ƒomedodo ŋu, ame siwo nya afi si woƒe ŋutete se ɖo, ɖokuibɔbɔlawo, ame siwo kafua Mawu, ame siwo ɖoa to wo dzilawo, akpedalawo, nuteƒewɔlawo, ame siwo lɔ̃a woƒe ƒometɔwo vevie, ame siwo lɔ̃na ɖe ɖoɖo dzi, ame siwo ƒoa nu nyui tso ame bubuwo ŋu ɣesiaɣi, ɖokuidziɖulawo, ame fafawo, nu nyui lɔ̃lawo, ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo, ame siwo lɔ̃na ɖe ame bubuwo ƒe susu dzi, ame siwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi le dzi me, ame siwo lɔ̃a Mawu tsɔ wu be woalɔ̃ dzidzɔkpɔkpɔ, ame siwo ƒe agbenɔnɔ ɖenɛ fiana be wotsɔ wo ɖokuiwo na Mawu vavã; ku ɖe ame siawo ŋu goŋgoŋ.” Ðe nèɖoa dze kple wò ƒomea alo nɔvi bubuwo tso ale si agbea ava nɔ le xexe yeyea me ŋua? w24.01 6 ¶13-14
Braɖa, July 29
Wò nu dzea ŋunye.—Luka 3:22.
Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe eƒe amewo ŋu! Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe dukɔ ƒe nu nyoa eŋu.” (Ps. 149:4) Gake ɣeaɖewoɣi la, dzi ɖena le Yehowa subɔla aɖewo ƒo wobiaa wo ɖokui be, ‘Ðe Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe nye hã ŋunyea?’ Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo gɔ̃ hã dometɔ aɖewo se le wo ɖokui me nenema. (1 Sam. 1:6-10; Hiob 29:2, 4; Ps. 51:11) Biblia na eme kɔ ƒãa be amegbetɔ madeblibowo gɔ̃ hã ƒe nu ate ŋu adze Yehowa ŋu. Aleke wòanya wɔe? Ele be míaxɔ Yesu Kristo dzi ase eye míaxɔ nyɔnyrɔ̃. (Yoh. 3:16) Ne míewɔe alea, míaɖee afia amewo be míetrɔ dzi me tso míaƒe nu vɔ̃wo me eye míedo ŋugbe na Mawu be míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (Dɔw. 2:38; 3:19) Edzɔa dzi na Yehowa ŋutɔ ne míeɖe afɔ siawo be míanye exɔlɔ̃wo. Ne míekua kutri vevie wɔa adzɔgbe si míeɖe dzi la, míaƒe nu adze Yehowa ŋu eye abu mí be míenye ye xɔlɔ̃ veviwo.—Ps. 25:14. w24.03 26 ¶1-2
Kuɖa, July 30
Míate ŋu adzudzɔ nuƒoƒo le nu siwo míekpɔ kple nu siwo míese la ŋu o.—Dɔw. 4:20.
Míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ƒe kpɔɖeŋua ayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi ne dziɖuɖua de se be míadzudzɔ gɔ̃ hã. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu míawɔ subɔsubɔdɔa ade goe. Eya ta ahiã be míado gbe ɖa be Yehowa nana nunya kple dzinɔameƒo mí eye wòakpe ɖe mía ŋu be míado dzi le xaxawo me. Mía dometɔ geɖe le nɔnɔme sesẽwo, abe lãmegbegblẽ, ame vevi aɖe ƒe ku, ƒomekuxiwo, kple yometiti ene, me tom. Eye dɔ vɔ̃ siwo le kakam kple aʋa siwo le edzi yim wɔe be nɔnɔmewo gava sesẽ ɖe edzi. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míado dzi? Do gbe ɖa nàgblɔ wò dzimenyawo na Yehowa abe ale si nàgblɔ wò dzimenya na xɔ̃wò vevi ene. Ka ɖe edzi be Yehowa “awɔe na wò.” (Ps. 37:3, 5) Ne míedoa gbe ɖa na Yehowa edziedzia, esia akpe ɖe mía ŋu ‘míado dzi le xaxa me.’ (Rom. 12:12) Yehowa nya nɔnɔme sesẽ siwo me tom esubɔlawo le eye ‘esea woƒe ɣlidodowo.’—Ps. 145:18, 19. w23.05 5-6 ¶12-15