INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Kwasiɖa Sia
July 28–August 3
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2025 | July

JULY 28–AUGUST 3

LODODOWO 24

Hadzidzi 38 Kple Gbedodoɖa | Ŋgɔdonyawo (1 min.)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME

1. Do Ŋusẽ Ðokuiwò Fifia Ðe Xaxaɣiwo Ŋu

(10 min.)

Srɔ̃ nu be sidzedze kple nunya geɖe wu nasu asiwò (Lod 24:5; w23.07 18 ¶15)

Yi edzi nànɔ nu siwo ate wò ɖe Yehowa ŋu wɔm ne dzi ɖe le ƒowò gɔ̃ hã (Lod 24:10; w09 12/15 18 ¶12-13)

Ne míelɔ̃ Yehowa vevie eye míaƒe xɔse sẽ ŋu la, kuxiwo maɖe ke le mía te o (Lod 24:16; w20.12 15)

Nɔvinyɔnu aɖe si dze dɔ vevie la tsɔ dzidzɔ le gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me kple exɔlɔ̃ aɖe. Etsɔ nane si le eƒe tablɛt dzi la le nyɔnu aɖe fiam le eƒe ʋɔtru nu.

2. Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo

(10 min.)

  • Lod 24:27—Nufiame kae le lododo sia me na mí? (w09 10/15 12)

  • Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me si ŋu nèdi be yeaƒo nu tsoe?

3. Biblia Xexlẽ

(4 min.) Lod 24:​1-20 (th nusɔsrɔ̃ 11)

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

4. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(2 min.) VOMEÐASEÐIÐI. Mète ŋu ɖi ɖase na amea hafi dzeɖoɖoa wu enu o. (lmd nusɔsrɔ̃ 2 ƒe xexlẽdzesi 4)

5. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) TSO AƑE ME YI AƑE ME. (lmd nusɔsrɔ̃ 3 ƒe xexlẽdzesi 4)

6. Dzeɖoɖo Gɔmedzedze

(3 min.) DUTOƑOÐASEÐIÐI. Ƒo nu tso ale si míesrɔ̃a Biblia kple amewo ŋu na amea, eye nàtsɔ Biblia sɔsrɔ̃ ƒe kadodogbalẽvi ɖeka nɛ. (lmd nusɔsrɔ̃ 4 ƒe xexlẽdzesi 3)

7. Nuƒo

(3 min.) lmd megbenya A ƒe xexlẽdzesi 11—Tanya: Mawu Ƒoa Nu Na Mí. (th nusɔsrɔ̃ 6)

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

Hadzidzi 99

8. Mikpe Ðe Mia Nɔewo Ŋu Le Xaxaɣiwo

(15 min.) Numedzodzro.

Dɔvɔ̃, dzɔdzɔmefɔku, ʋunyaʋunya, aʋawɔwɔ alo yometiti ate ŋu afe ati le vo me. Ne edzɔ alea la, nɔvi siwo ŋu wògblẽ nu le la kpena ɖe wo nɔewo ŋu hedea dzi ƒo na wo nɔewo. Ne afɔkua megblẽ nu le mía ŋu tẽe o hã la, míesea veve ɖe mía nɔviawo nu eye míewɔa mía tɔ sinu kpena ɖe wo ŋu.—1Ko 12:​25, 26.

Foto vovovoawo: Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuwo le asi kpem ɖe wo nɔvi Kristotɔwo ŋu le mɔ vovovowo nu. 1. Nɔviwo gbugbɔ le Fiaɖuƒe Akpata aɖe si dzɔdzɔmefɔku gbã la tum. 2. Nɔviwo tsɔ dzidzɔ le wòezɔ dom na nɔvinyɔnu aɖe kple vianyɔnuvi siwo va sitsoƒe di ge. 3. Nɔvinyɔnu aɖe le ga dem nudzɔɖaka me le Fiaɖuƒe Akpata me. 4. Nɔviwo le nuhiahiã veviwo tsɔm na wo nɔvi Kristotɔ siwo nye sitsoƒedilawo le Fiaɖuƒe Akpata me. 5. Nɔvi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le tsi mam na haxɔsetɔwo. 6. Nɔviŋutsu aɖe le gbe dom ɖa.

Mixlẽ 1 Fiawo 13:6 kple Yakobo 5:16b. Eyome nàbia be:

  • Nu ka tae gbe siwo mawusubɔlawo dona ɖa ɖe ame bubuwo ta la wɔa dɔ ale gbegbe?

Mixlẽ Marko 12:​42-44 kple 2 Korintotɔwo 8:​1-4. Eyome nàbia be:

  • Ne míeda ahe eye ga sue aɖe koe míate ŋu adzɔ be woatsɔ akpe asi ɖe nɔvi siwo hiã tu ŋu hã la, nu ka tae mele be míahe ɖe megbe le esia wɔwɔ me o?

Na woaɖe VIDEO si nye: Wodo Ŋusẽ Nɔviawo Esime Wonɔ Yometiti Me Tom. Eyome nàbia nya siawo:

  • Aleke nɔviwo tsɔ wo ɖokuiwo sa vɔe be yewoakpe ɖe haxɔsetɔ siwo le Ɣedzeƒe Europa dukɔ siwo me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le la me ŋu?

  • Esi woɖo asi dɔa dzi la, aleke nɔviawo wɔ ɖe se si nye be míakpe ɖekae eye míade dzi ƒo na mía nɔewo la dzi?—Heb 10:​24, 25

9. Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃

(30 min.) lfb nusɔsrɔ̃ 4-5

Nyataƒonyawo (3 min.) | Hadzidzi 112 Kple Gbedodoɖa

Emenyawo
Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025 | May

Nusɔsrɔ̃nyati 21: July 28, 2025–August 3, 2025

14 Nɔ Mɔ Kpɔm Na Du Si Anɔ Anyi Ðaa La Vevie

Nyati Bubuwo

Nyati siwo katã le tata sia me

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe