1 Mose 34:8, 9 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 8 Eye Hamor gblɔ na wo be: “Mia vinyɔnu la ƒe nu lé dzi na vinye Sekem.* Meɖe kuku, mitsɔe nɛ wòaɖe, 9 eye mina srɔ̃ɖekadodo nanɔ mía kpli mi dome. Mitsɔ mia vinyɔnuwo na mí, eye míawo hã míatsɔ mía vinyɔnuwo ana mi.+
8 Eye Hamor gblɔ na wo be: “Mia vinyɔnu la ƒe nu lé dzi na vinye Sekem.* Meɖe kuku, mitsɔe nɛ wòaɖe, 9 eye mina srɔ̃ɖekadodo nanɔ mía kpli mi dome. Mitsɔ mia vinyɔnuwo na mí, eye míawo hã míatsɔ mía vinyɔnuwo ana mi.+