-
2 Mose 25:10-15Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
10 “Woatsɔ akasiati akpa Aɖaka la: wòadidi abɔklugui* eve kple afã, wòakeke abɔklugui ɖeka kple afã, eye wòakɔ abɔklugui ɖeka kple afã.+ 11 Fa sika nyuitɔ ɖe eŋu,+ ɖe eme kple ekɔgo siaa, eye nàtsɔ sika aɖo to nɛ kpe ɖo.+ 12 Wɔ sikasigɛ ene ɖe eŋu le eƒe dzogoewo dzi le afɔti eneawo gbɔ lɔƒo; asigɛ eve nanɔ eƒe axa si, eye asigɛ eve nanɔ eƒe axa kemɛ. 13 Tsɔ akasiati kpa kpowo eye nàfa sika ɖe wo ŋu.+ 14 Eye nàtsɔ kpoawo aƒo ɖe asigɛawo me le Aɖaka la ƒe axawo dzi, be woatsɔ akɔ Aɖaka lae. 15 Kpoawo natsi Aɖaka la ƒe asigɛawo me; womaɖe wo le eme o.+
-