-
2 Mose 25:23-28Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
23 “Tsɔ akasiati kpa kplɔ̃:+ wòadidi abɔklugui eve, wòakeke abɔklugui ɖeka, eye wòakɔ abɔklugui ɖeka kple afã.+ 24 Fa sika nyuitɔ ɖe eŋu eye nàtsɔ sika ado atsyã ɖe kplɔ̃ la toga kpe ɖo. 25 Eye nàɖo to nɛ wòakeke asiƒome ɖeka,* eye nàtsɔ sika ado atsyã ɖe to la toga kpe ɖo. 26 Wɔ sikasigɛ ene nàtsɔ asigɛawo ade afɔti eneawo ƒe dzogoe eneawo dzi le afi si afɔ eneawo kpe kplɔ̃a le. 27 Asigɛawo nate ɖe to la ŋu be woate ŋu aƒo kpo ɖe wo me atsɔ akɔ kplɔ̃ lae. 28 Tsɔ akasiati kpa kpoawo eye nàfa sika ɖe wo ŋu, ne woatsɔ akɔ kplɔ̃ lae.
-