-
2 Mose 25:31-39Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
31 “Tsɔ sika nyuitɔ tu akaɖiti+ blibo lae. Tu eƒe anyinɔ kple eƒe titinati la kpakple eƒe alɔwo ale be atsyã siwo nye kpluwo, kɔ́wo, kple seƒoƒowo katã nanye nu blibo ɖeka.+ 32 Alɔ ade nanɔ akaɖiti la ŋu: alɔ etɔ̃ nanɔ akaɖiti la ƒe axa si, eye alɔ etɔ̃ nanɔ eƒe axa kemɛ. 33 Kplu etɔ̃ siwo le abe yevuziti ƒe seƒoƒo ene la nanɔ alɔawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu le axa si, eye kɔ́awo kple seƒoƒoawo nakplɔ kplu ɖe sia ɖe ɖo. Eye le eƒe axa kemɛ hã kplu etɔ̃ siwo le abe yevuziti ƒe seƒoƒo ene la nanɔ alɔawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, eye kɔ́awo kple seƒoƒoawo nakplɔ kplu ɖe sia ɖe ɖo. Aleae alɔ adeawo anɔ le titinati la ŋu. 34 Kplu ene siwo le abe yevuziti ƒe seƒoƒo ene la nanɔ akaɖiti la ƒe titinatia ŋu, eye kɔ́awo kple seƒoƒoawo nakplɔ kpluawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖo le eŋu. 35 Kɔ́ ɖeka nanɔ afi si alɔ eve gbãtɔawo dze le la te, kɔ́ ɖeka nanɔ afi si alɔ eve bubu siwo kplɔe ɖo la dze le la te, eye kɔ́ ɖeka nanɔ afi si alɔ eve mamlɛawo dze le la te. Aleae akaɖitia ƒe alɔ adeawo hã anɔ. 36 Woatsɔ sika nyuitɔ atu kɔ́awo kple alɔdzeawo be akaɖiti blibo la nanye nu ɖeka.+ 37 Woawɔ akaɖigbɛ adre na akaɖiti la, eye ne wosi akaɖigbɛawo la, woaklẽ ɖo ɖe ŋgɔ.+ 38 Woatsɔ sika nyuitɔ awɔ eƒe ɖovulãnuwo* kple eƒe dzofilɔnuwo.+ 39 Woatsɔ sika nyuitɔ talento* ɖeka awɔ akaɖiti la kple eŋu nuwo katãe.
-