2 Mose 15:3 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 3 Yehowa nye aʋakalẽtɔ.+ Eŋkɔe nye Yehowa.+ Psalmo 96:8 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 8 Mitsɔ bubu si dze na Yehowa ƒe ŋkɔ la nɛ;+Mitsɔ nunana ɖe asi miava eƒe xɔxɔnuwo. Psalmo 135:13 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 13 Oo Yehowa, wò ŋkɔ li ɖaa tegbee. Oo Yehowa, woaɖo ŋku wò gãnyenye* dzi tso dzidzime yi dzidzime.+ Hosea 12:5 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 5 Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu,+Yehowae nye ŋkɔ si wotsɔ ɖoa ŋku edzii.+ Yohanes 17:26 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 26 Mena wonya wò ŋkɔ la, eye magana woanyae,+ ale be lɔlɔ̃ si nètsɔ lɔ̃m la nanɔ wo me, eye mawɔ ɖeka kpli wo.”+ Romatɔwo 10:13 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 13 Elabena “ame sia ame si yɔa Yehowa* ƒe ŋkɔ la, woaɖee.”+
26 Mena wonya wò ŋkɔ la, eye magana woanyae,+ ale be lɔlɔ̃ si nètsɔ lɔ̃m la nanɔ wo me, eye mawɔ ɖeka kpli wo.”+