13 Eye Mawu gblɔ na Abram be: “Nyae kɔtɛe be, wò dzidzimeviwo ava zu amedzrowo le dzronyigba dzi, anyigba ma dzi tɔwo awɔ wo kluviwoe eye woawɔ fu wo ƒe alafa ene sɔŋ.+ 14 Gake madrɔ̃ ʋɔnu dukɔ si woasubɔ la,+ eye emegbe woatsɔ nunɔamesi geɖewo adzoe.+