INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 1 Mose 14:20
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 20 Woakafu Mawu Dziƒoʋĩtɔ la,

      Ame si tsɔ wò futɔwo de asi na wò!”

      Eye Abram tsɔ nuawo katã ƒe ewolia nɛ.+

  • 1 Mose 28:22
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 22 Eye kpe sia si metsɔ ɖi ŋkuɖodzikpee la azu Mawu ƒe aƒe,+ eye matsɔ nu sia nu si nànam la ƒe ewolia ana wò godoo.”

  • 4 Mose 18:21
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 21 “Kpɔ ɖa, metsɔ nu siwo katã le Israel la ƒe ewolia+ na Lewi viwo be wòanye woƒe domenyinu ɖe subɔsubɔdɔ si wɔm wole, si nye takpegbadɔa ŋuti dɔ la ta.

  • 4 Mose 18:26
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 26 “Gblɔ na Lewi viwo be, ‘Ne miexɔ Israel-viwo ƒe nu ewolia si metsɔ na mi be wòanye miaƒe domenyinu+ le wo si la, ekema miawo hã miadzɔ nuwo ƒe ewolia si miexɔ la ƒe ewolia na Yehowa.+

  • 5 Mose 14:22
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 22 “Ele be nàna wò agblemenukuwo ƒe ewolia ƒe sia ƒe.+

  • 2 Kronika 31:5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 5 Esi sedede sia ɖo amewo ƒe to me ko la, Israel-viwo na nuku gbãtɔwo, wain yeye, ami,+ anyitsi kple agblemenuwo+ kpaŋkpaŋ; wotsɔ nu sia nu ƒe akpa ewolia vɛ le agbɔsɔsɔ me.+

  • Nehemiya 13:12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 Yuda blibo la katã tsɔ agblemenuku kple wain yeye kpakple ami ƒe ewoliawo+ va nudzraɖoƒeawo.+

  • Malaki 3:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Mitsɔ nuwo ƒe ewoliawo katã yi nudzraɖoƒe la,+ ne nuɖuɖu nanɔ aƒenye me;+ eye mitsɔ esia dom kpɔ be nyemaʋu dziƒowo ƒe tsigbowo+ na mi, eye nyemadudu yayra akɔ ɖe mia dzi va se ɖe esime naneke magahiã mi o hã,”+ aʋakɔwo ƒe Yehowa ye gblɔe.

  • Luka 11:42
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 42 Ke baba na mi Farisitɔwo, elabena mienaa ahamɛ kple ƒãglo kpakple amagbe bubuwo katã ƒe ewolia,+ gake mieŋea aɖaba ƒua Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple eƒe lɔlɔ̃ ya dzi! Ele be miawɔ nu mawo, gake miagaŋe aɖaba aƒu esiawo hã dzi o.+

  • Hebritɔwo 7:5
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 5 Nyateƒee, le Se la nu la, wogblɔ na Lewi+ viwo dometɔ siwo woɖoa nunɔlawoe la be woaxɔ nuwo ƒe ewolia tso dukɔ si nye wo nɔviwo si,+ togbɔ be woawo hã wonye Abraham ƒe dzidzimeviwo* hã.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe