-
3 Mose 23:27-31Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
27 “Ɣleti adrelia ma ke ƒe ŋkeke ewolia nanye Avuléŋkeke.+ Anye takpegbe kɔkɔe, miawɔ fu mia ɖokui,*+ eye miasa dzovɔ na Yehowa. 28 Migawɔ dɔ aɖeke le ŋkeke sia dzi o, elabena avuléŋkeke si dzi woalé avu+ ɖe mia ta le Yehowa mia Mawu la ŋkumee wònye. 29 Ame sia ame* si mawɔ fu eɖokui* le ŋkeke sia dzi o la, woatsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.+ 30 Matsrɔ̃ ame sia ame si awɔ dɔ aɖe le ŋkeke sia dzi la ɖa le eƒe dukɔ la dome. 31 Migawɔ dɔ aɖeke o. Se wònye na mi ɖaa le miaƒe dzidzimewo katã me le mia nɔƒewo katã.
-