Yosua 11:23 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 23 Ale Yosua xɔ anyigba blibo la katã, abe ale si Yehowa do ŋugbe na Mose+ ene, eye Yosua tsɔ anyigba la na Israel-viwo wotɔwotɔe wòzu woƒe domenyinu be woamae le woƒe toawo me.+ Eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.+ Yosua 18:1 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 18 Israel ƒe ha blibo la katã va ƒo ƒu ɖe Silo,+ eye wotu takpegbadɔ ɖe afi ma,+ elabena woɖu anyigba la dzi keŋ le wo ŋgɔ.+ Psalmo 44:2 Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe 2 Ètsɔ wò asi nya dukɔwo ɖa+Eye nètsɔ mía tɔgbuiwo ɖo wo teƒe.+ Èfanya dukɔwo eye nènya wo ɖa.+
23 Ale Yosua xɔ anyigba blibo la katã, abe ale si Yehowa do ŋugbe na Mose+ ene, eye Yosua tsɔ anyigba la na Israel-viwo wotɔwotɔe wòzu woƒe domenyinu be woamae le woƒe toawo me.+ Eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe tso aʋawɔwɔ me.+
18 Israel ƒe ha blibo la katã va ƒo ƒu ɖe Silo,+ eye wotu takpegbadɔ ɖe afi ma,+ elabena woɖu anyigba la dzi keŋ le wo ŋgɔ.+