4 Ke azɔ Yehowa mia Mawu la na gbɔdzɔe mia nɔviwo, abe ale si tututu wòdo ŋugbe na wo ene.+ Eya ta azɔ miate ŋu atrɔ ayi miaƒe agbadɔwo me le anyigba si Mose, Yehowa ƒe subɔla, tsɔ na mi le Yordan ƒe go kemɛ* dzi be wòazu mia tɔ la dzi.+
9 Emegbe Ruben viwo kple Gad viwo kpakple Manase-to afã la dzo le Israel-vi bubuawo gbɔ le Silo, le Kanaan-nyigba dzi, hetrɔ yi Gilead-nyigba+ si woxɔ henɔ edzi le se si Yehowa de to Mose dzi nu la dzi.+