-
2 Mose 23:31-33Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
31 “Mana wò liƒo natso Ƒudzĩ la nu va se ɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbea dzi va se ɖe Tɔsisi* la nu;+ elabena matsɔ anyigba la dzi nɔlawo ade asi na mi, eye ànya wo ɖa le ŋgɔwò.+ 32 Mègabla nu kple woawo ŋutɔwo loo alo woƒe mawuwo o.+ 33 Womeganɔ wò anyigba dzi o, be woagana nàwɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Ne èsubɔ woƒe mawuwo la, azu mɔ̃ aɖe wò.”+
-
-
Yosua 23:12, 13Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
12 “Gake ne mietrɔ megbe heku ɖe dukɔ siawo me tɔ siwo kpɔtɔ+ le mia gbɔ la ŋu, eye miena srɔ̃ɖekadodo+ le mi kpli wo dome,* miede ha kpli wo eye woawo hã wode ha kpli mi la, 13 ekema minyae nyuie be Yehowa mia Mawu mayi edzi anya dukɔ siawo ɖa* na mi o.+ Woazu mɔ̃ kple kamɔ̃ aɖe mi, woazu abe ameƒoti ene anɔ axadame+ ƒom na mi, eye woanye ŋù anɔ ŋku dzi na mi va se ɖe esime mietsrɔ̃ vɔ keŋ le anyigba nyui sia si Yehowa mia Mawu tsɔ na mi la dzi.
-