-
5 Mose 3:12, 13Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
12 Ɣemaɣi la, míexɔ anyigba sia: tso Aroer,+ si le Arnon Bali la nu, kple Gilead tonutoa ƒe afã, eye metsɔ eƒe duwo na Ruben viwo kple Gad viwo.+ 13 Eye metsɔ Gilead ƒe akpa susɔea kple Basan bliboa katã, si le Og ƒe dziɖuƒe la, na Manase-toa+ ƒe afã la. Woyɔa Argob nutoa katã, si nye Basan ƒe akpa aɖe, be Refaim-nyigba.
-
-
Yosua 13:8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
8 Manase-toa ƒe afã susɔea, Ruben viwo kple Gad viwo xɔ woƒe domenyinu si Mose na wo le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome, abe ale si Yehowa ƒe subɔla Mose na woe ene:+
-