25 Azɔ etsɔ akasiati wɔ dzudzɔdomlekpui+ la. Edidi abɔklugui ɖeka, ekeke abɔklugui ɖeka, ele dzogoe ene me, eye wòkɔ abɔklugui eve. Eye wokpa dzoawo kplii wonye nu ɖeka.+ 26 Efa sika nyuitɔ ɖe eŋu, ɖe etame kple eƒe axawo dzi godoo va kpe, efae ɖe eƒe dzowo hã ŋu; eye wòtsɔ sika ɖo to nɛ kpe ɖo.