-
4 Mose 7:6-9Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
6 Ale Mose xɔ tasiaɖam kple nyiawo, eye wòtsɔ wo na Lewi viwo. 7 Etsɔ tasiaɖam eve kple nyitsu ene na Gerson viwo ɖe ale si woƒe dɔwo le la nu;+ 8 eye wòtsɔ tasiaɖam ene kple nyitsu enyi na Merari vi siwo le nunɔla Aron viŋutsu Itamar ƒe dzikpɔkpɔ te ɖe ale si woƒe dɔwo le la nu.+ 9 Ke metsɔ ɖeke na Kohat viwo ya o, elabena kɔkɔeƒe+ la ŋuti subɔsubɔdɔ siwo wowɔna la bia be woatsɔ nu kɔkɔeawo ɖe abɔta.+
-
-
1 Kronika 15:2Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
2 Ɣemaɣie David gblɔ be: “Ame aɖeke mekpɔ mɔ akɔ Mawu vavã ƒe Aɖaka la o, negbe Lewi viwo ko, elabena woawoe Yehowa tia be woakɔ Yehowa ƒe Aɖaka la, eye woasubɔ eya amea ɖaa.”+
-