6 Esi wova ɖo Nakon ƒe nukuƒoƒe la, Uza do asi ɖa lé Mawu vavã ƒe Aɖaka la,+ elabena nyiawo na aɖaka la ge kloe. 7 Ale Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Uza ŋu, eye Mawu vavã la ƒoe ƒu anyi+ ɖe afi ma le eƒe mawumavɔmavɔ̃ ta,+ eye wòku ɖe afi ma ɖe Mawu vavã la ƒe Aɖaka la xa.