-
3 Mose 6:14Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
14 “‘Ke esiae nye nuɖuvɔsa ŋuti se:+ Mi Aron viŋutsuwo mitsɔe va Yehowa ŋkume le vɔsamlekpuia ŋgɔ.
-
-
4 Mose 28:11, 12Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
11 “‘Le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedze la, miatsɔ nyitsui eve kple agbo ɖeka kpakple alẽtsui adre siwo sɔ blibo, siwo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ƒe ɖekaɖeka la, avɛ be woatsɔ asa numevɔ na Yehowa,+ 12 eye miatsɔ wɔ memee efa me mama ɖe ewo ƒe akpa etɔ̃ si wotsɔ ami dzabae la asa nuɖuvɔ+ akpe ɖe nyitsui ɖe sia ɖe ŋu. Mitsɔ wɔ memee efa me mama ɖe ewo ƒe akpa eve si wotsɔ ami dzabae la sa nuɖuvɔ kpe ɖe agbo ɖeka+ la ŋu.
-