-
2 Mose 25:22Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
22 Maɖe ɖokuinye afia wò le afi ma aƒo nu kpli wò, eye magblɔ se siwo katã made na wò be nàgblɔ na Israel-viwo la tso nutunu la tame,+ le kerubi eve siwo le Ðaseɖiɖiɖakaa dzi la dome.
-
-
2 Mose 30:36Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
36 Eyome nàto eƒe ɖe memie, eye nàtsɔ ɖe ada ɖe Ðaseɖinu la ŋgɔ le takpegbadɔa me, afi si maɖe ɖokuinye afia wò le. Nu kɔkɔewo ƒe nu kɔkɔe wòanye na mi.
-