INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 4 Mose 27:12-14
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 Emegbe Yehowa gblɔ na Mose be: “Lia Abarim+ to sia, ne nàkpɔ anyigba si matsɔ ana Israel-viwo la ɖa.+ 13 Ne èkpɔe vɔ la, ekema woatsɔ wò hã akpe ɖe tɔgbuiwòwo ŋu,*+ abe ale si ko wotsɔ nɔviwò Aron kpe ɖe wo ŋu ene,+ 14 elabena esime ha la wɔ dzre kplim le Zin gbedzi la, miewɔ ɖe nye se dzi hekɔ ŋunye le wo ŋkume esime mena tsi wo o.+ Esiae nye Meriba+ tsi le Kades+ le Zin gbedzi.”+

  • 5 Mose 1:37
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 37 (Yehowa do dziku ɖe nye hã ŋunye le mia ta, eye wògblɔ be: “Wò hã màyi afi ma o.+

  • 5 Mose 3:26
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 26 Ke dɔmedzoe si Yehowa do ɖe ŋunye le mia ta la nu mefa o,+ eye meɖo tom o. Ke boŋ Yehowa gblɔ nam be: ‘Nese ɖe afi ma! Mègaƒo nu kplim tso nya sia ŋu azɔ o.

  • 5 Mose 32:51, 52
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 51 elabena mi ame evea miewɔ nuteƒe nam le Israel-viwo dome le Meriba+ le Kades tsi la gbɔ le Zin gbedzi o, elabena miekɔ ŋunye le Israel-viwo ŋkume o.+ 52 Ànɔ adzɔge akpɔ anyigba la ɖa, ke màde anyigba si metsɔ le Israel-viwo nam la dzi o.”+

  • 5 Mose 34:4
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 4 Yehowa gblɔ nɛ be: “Esiae nye anyigba si ŋu meka atam ɖo na Abraham, Isak kple Yakob, be: ‘Wò dzidzimeviwo matsɔe ana.’+ Mena nèkpɔe kple wò ŋkuwo, gake mèle tɔa tso ge ayi afi ma o.”+

  • Yosua 1:2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 2 “Nye subɔla Mose ku.+ Azɔ tso nàtso Yordan, wò kple dukɔ blibo sia katã, ne miayi anyigba si metsɔ le Israel-viwo nam la dzi.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe