11 Ale woɖo dzizizidɔwɔlawo* ƒe amegãwo wo nu ne woate wo ɖe anyi ahazi wo dzi woawɔ dɔ sesẽ,+ eye wotso nudzraɖoƒedu siwo nye Pitom kple Ramses+ na Farao.
14 Wona agbenɔnɔ sesẽ na wo to kluvidɔ sesẽ ɖoɖo na wo me, wona wonya anyi mè anyikpe, eye wowɔ kluvidɔ ɖe sia ɖe ƒomevi le agble me. Ɛ̃, wona wokpe fu le nɔnɔme sesẽwo me le kluvidɔ ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ me.+