62 Ŋutsu siwo katã xɔ tso ɣleti ɖeka, siwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ la va le ame akpe blaeve vɔ etɔ̃.+ Womeŋlɔ woƒe ŋkɔ ɖe Israel-viwo dome o,+ elabena womana domenyinu aɖeke wo le Israel-viwo dome o.+
63 Ame siawoe nye Israel-vi siwo ŋkɔ Mose kple nunɔla Eleazar ŋlɔ le Moab tagba le Yordan nu le Yeriko gbɔ.