-
Yosua 1:14, 15Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
14 Mia srɔ̃wo, mia viwo kple miaƒe lãhawo anɔ anyigba si Mose tsɔ na mi le Yordan+ ƒe go sia dzi* la dzi, gake miaƒe aʋakalẽawo+ katã nabla aʋakpa atso tɔa le mia nɔviwo ŋgɔ.+ Eye miakpe ɖe wo ŋu 15 va se ɖe esime Yehowa nana gbɔɖeme mia nɔviwo, abe ale si wòna mii ene, eye woawo hã woaxɔ anyigba si Yehowa mia Mawu tsɔ le wo nam be wòazu wo tɔ la. Emegbe hafi miatrɔ ayi anyigba si wotsɔ na mi be mianɔ edzi eye wòazu mia tɔ la dzi, anyigba si Yehowa ƒe subɔla Mose tsɔ na mi le Yordan ƒe ɣedzeƒe.’”+
-