-
4 Mose 27:21Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
21 Nunɔla Eleazar ŋkumee wòatɔ ɖo ne wòatsɔ Urim+ la abia nu nɛ le Yehowa ŋkume atsɔ akpɔ nya gbɔe. Eƒe gbeɖeɖe nue eya kple Israel ƒe ha blibo la ado go le, eye eƒe gbeɖeɖe nue woatrɔ agbɔ le.”
-
-
1 Samuel 30:7, 8Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
7 Eye David gblɔ na nunɔla Abiatar,+ Ahimelek vi la be: “Meɖe kuku, tsɔ kɔmewu+ la va afii nam.” Eye Abiatar tsɔ kɔmewu la vɛ na David. 8 Eye David bia gbe Yehowa+ be: “Mati adzoha sia yomea? Matu woa?” Eɖo eŋu nɛ be: “Ti wo yome, elabena àtu wo godoo, eye àxɔ miaƒe nu sia nu si wotsɔ dzoe la le wo si.”+
-