-
3 Mose 7:33-35Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
33 Ðusita la anye Aron viŋutsu si tsɔ ŋutifafavɔsalã ƒe ʋu kple ami sa vɔe la tɔ.+ 34 Elabena mexɔ akɔ si nye vɔsa si woanyè la kple ɖusita si nye gome kɔkɔe la tso Israel-viwo ƒe ŋutifafavɔsawo me tsɔ na nunɔla Aron kple viaŋutsuwo, be wòanye ɖoɖo mavɔ na Israel-viwo.+
35 “‘Esiae nye nunɔlawo ƒe gome, si Aron kple viaŋutsuwo axɔ le Yehowa ƒe dzovɔsawo me le gbe si gbe woɖo wo be woawɔ nunɔladɔ na Yehowa.+
-
-
5 Mose 18:1Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
18 “Lewi-vi nunɔlawo, kple Lewi-to bliboa katã la, womana gome alo domenyinu aɖekee kpe ɖe Israel ŋu o. Yehowa ƒe dzovɔsawo, si nye eƒe gome, lae woaɖu.+
-