-
Ʋɔnudrɔ̃lawo 9:16-18Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
16 “Azɔ nuteƒe kple nu dzeamee wònye miewɔ be mietsɔ Abimelek ɖo fiaea?+ Eye nyui wònye miewɔ na Yerubaal kple eƒe aƒe la? Eye ɖe mieɖo eteƒe nɛ abe ale si wòdze nɛ enea? 17 Esi fofonye wɔ aʋa na mi la,+ etsɔ eƒe agbe* de afɔku me heɖe mi tso Midiantɔwo si me.+ 18 Gake egbe la, mietso ɖe fofonye ƒe aƒe la ŋu, eye miewu viaŋutsu blaadre sɔŋ ɖe kpe ɖeka dzi.+ Eye mietsɔ Abimelek, eƒe kosi ƒe vi,+ ɖo fiae ɖe Sekem kplɔlawo nu le esi wònye mia nɔvi ta.
-