INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 5 Mose 8:18
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 18 ɖo ŋku edzi be Yehowa wò Mawue naa ŋusẽ wò be nàkpɔ kesinɔnuwo+ ne wòawɔ nubabla si ŋu wòka atam ɖo na tɔgbuiwòwo la dzi, abe ale si wòle egbe sia ene.+

  • 5 Mose 28:12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 Yehowa aʋu eƒe nudzraɖoƒe nyui, si nye dziƒowo, nu na wò, ne wòana tsi nadza ɖe wò anyigba dzi le edzaɣi,+ eye wòayra nu sia nu si nàwɔ la. Àdo nugbana na dukɔ geɖewo, ke wò ŋutɔ ya màdo nugbana o.+

  • 2 Kronika 1:11, 12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 11 Eye Mawu gblɔ na Salomo be: “Esi wònye esiae nye wò dzimedidi, eye mèbia ho, kesinɔnuwo kple bubu alo wò futɔwo ƒe ku* o, eye mèbia agbe didi* hã o, ke boŋ nèbia nunya kple sidzedze be nàdrɔ̃ ʋɔnu nye dukɔ si dzi metsɔ wò ɖo fiae ɖo ta la,+ 12 woana nunya kple sidzedze wò; azɔ hã mana ho kple kesinɔnuwo kpakple bubu, si tɔgbi menɔ fia siwo do ŋgɔ na wò la dometɔ aɖeke si o, eye etɔgbi manɔ ame siwo ava ɖe yowòme la dometɔ aɖeke hã si o la wò.”+

  • Hiob 42:12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 Ale Yehowa yra Hiob le eƒe agbenɔƒe mamlɛawo me wu ale si wònɔ le gɔmedzedzea,+ ale be alẽ akpe wuiene, kposɔ akpe ade, nyi eveve teƒe akpe ɖeka kple tedzinɔ akpe ɖeka va su Hiob si.+

  • Lododowo 10:22
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 22 Yehowa ƒe yayrae wɔa ame kesinɔtɔ,+

      Eye metsɔa vevesese* aɖeke kpena ɖe eŋu o.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe