-
2 Fiawo 8:20-22Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
20 Eƒe ŋkekewo mee Edom dze aglã ɖe Yuda ŋu,+ eye woɖo fia na wo ɖokui.+ 21 Eya ta Yehoram ho yi Zair kple eƒe tasiaɖamwo katã, eye wòfɔ le zã me yi ɖasi Edomtɔ siwo ɖe to ɖe eya kple tasiaɖam-megãwo; eye aʋakɔ la si yi woƒe agbadɔwo me. 22 Ke Edom dze aglã ɖe Yuda ŋu va se ɖe egbe sia. Ɣemaɣie Libna+ hã dze aglã.
-