-
2 Kronika 24:24, 25Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
24 Togbɔ be ame ʋɛ aɖewo koe Siriatɔwo ƒe aʋakɔ la nye hã la, Yehowa tsɔ aʋakɔ si me ame gbogbo aɖewo le la de asi na wo,+ le esi wogblẽ Yehowa, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la ɖi ta; ale wohe* to na Yehoas. 25 Esi wodzo le egbɔ (le abidede eŋu vevie* megbe la), eya ŋutɔ ŋumewo ɖo nugbe ɖe eŋu le nunɔla Yehoyada viwo*+ ƒe ʋu ta. Wowui le eya ŋutɔ ƒe aba dzi.+ Ale wòku, eye woɖii ɖe David Ƒe Du la me,+ gake womeɖii ɖe fiawo ɖiƒe o.+
-
-
2 Kronika 28:27Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
27 Eye wotsɔ Ahaz mlɔ tɔgbuiawo gbɔ, woɖii ɖe du la me le Yerusalem, elabena womekɔe yi Israel-fiawo ɖiƒe o.+ Eye via Hizkiya zu fia ɖe eteƒe.
-