-
1 Fiawo 7:15-22Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
15 Elólo akɔbli tsɔ wɔ sɔti eveawo;+ ɖe sia ɖe kɔ abɔklugui wuienyi, eye ka didime abɔklugui wuieve ye akpe sɔtiawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖo.+ 16 Eye wòlólo akɔbli tsɔ wɔ ta eve be woatsɔ aɖo sɔtiawo tame. Ta ɖeka kɔ abɔklugui atɔ̃, eye evelia hã kɔ abɔklugui atɔ̃. 17 Wolɔ̃ gaɖɔwo, eye wogbi atsyɔ̃ɖonu siwo le abe kɔsɔkɔsɔwo+ ene ɖe ta ɖe sia ɖe si le sɔtiawo dzi la ŋu; adre le ta ɖeka ŋu, eye adre le ta evelia hã ŋu. 18 Eye wòwɔ yevuboɖawo ɖe agbaka eve me ɖe gaɖɔawo dometɔ ɖeka ŋu, ne woaxe sɔtiawo ƒe tawo ŋu; aleae wòwɔe ɖe ta evelia hã ŋui. 19 Wowɔ dzogbenya ƒe nɔnɔme ɖe ta siwo le sɔti siwo le akpataa nu dzi la ŋu, eye wokɔ abɔklugui ene. 20 Taawo le sɔti eveawo dzi, gaɖɔ le ta ɖe sia ɖe ƒe afi si le nogoo la ŋu; eye yevuboɖa alafa eve le agbakawo me godoo le ta ɖe sia ɖe ŋu.+
21 Etu gbedoxɔ*+ la ƒe akpata la ƒe sɔtiawo. Etu ɖusimesɔti* la hena ŋkɔe be Yakin,* eye wòtu miamesɔti* la hena ŋkɔe be Boaz.*+ 22 Wowɔ dzogbenya ƒe nɔnɔme ɖe sɔtiawo ƒe tawo ŋu. Ale wowu sɔtiawo ŋu dɔwo nu.
-
-
2 Kronika 4:11-13Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
11 Eye Hiram wɔ dzofilɔgbaawo kple sofiawo kpakple agba goboeawo.+
Ale Hiram wu dɔ si wɔm wònɔ na Fia Salomo le Mawu vavã la ƒe aƒea ŋu la nu.+ 12 Ewɔ sɔti+ eveawo kple ta mligo siwo le sɔti eveawo dzi; eye wòwɔ gaɖɔ+ eve siwo atsyɔ ta mligo eve siwo le sɔtiawo dzi la ŋu; 13 ewɔ yevuboɖa+ alafa eneawo na gaɖɔ eveawo, yevuboɖa siwo le agbaka eve me na gaɖɔ ɖe sia ɖe, be woatsyɔ ta mligo eve siwo le sɔti eveawo dzi la ŋu;+
-
-
Yeremiya 52:22, 23Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
22 Akɔblie wotsɔ wɔ sɔti la ƒe tawoe; eye ta ɖeka ƒe kɔkɔme nye abɔklugui atɔ̃;+ gaɖɔ kple yevuboɖa siwo le ta la ŋu godoo va kpe katã nye akɔbli. Eye nu siawo tɔgbi kple yevuboɖaawo le sɔti evelia hã ŋu. 23 Yevuboɖaawo le blaasieke vɔ ade le axawo dzi, eye yevuboɖaawo katã le alafa ɖeka le gaɖɔ la ŋu godoo va kpe.+
-