9 Evɔ esi menɔ mia gbɔ, eye nu hiãm la, nyemezu agba na mia dometɔ aɖeke o, elabena nɔvi siwo tso Makedonia va la na nu siwo hiãm la wòsɔ gbɔ.+ Ɛ̃, le mɔ sia mɔ nu la, mekpɔ ɖokuinye dzi be nyemazu agba na mi o, eye mayi edzi awɔe nenema.+
14 Kpɔ ɖa! Zi etɔ̃liae nye esia medzra ɖo be mava mia gbɔ, eye nyemava azu agba na mi o. Elabena menye miaƒe nunɔamesiwo+ dimee mele o, ke miawo ŋutɔwo boŋ; elabena menye viwoe adzra nu ɖo ɖi na wo dzilawo o,+ ke boŋ dzilawoe adzra nu ɖo ɖi na wo viwo.