INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Hiob 30:23
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 23 Elabena menyae nyuie be àtsɔm ade asi na ku,

      Ne mayi xɔ si me agbagbeawo katã ƒoa takpli ɖo la.

  • Psalmo 49:10
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 10 Ekpɔe be nunyalawo gɔ̃ hã kuna;

      Bometsilawo kple abunetɔwo siaa nu yina,+

      Eye wogblẽa woƒe kesinɔnuwo ɖi na ame bubuwo.+

  • Psalmo 49:12
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 12 Gake ne bubu le amegbetɔ ŋu hã la, manɔ anyi ɖaa o;+

      Ðeko wòle abe lã siwo nu yina la ene.+

  • Nyagblɔla 8:8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 8 Ale si ko ame aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe gbɔgbɔ* dzi ne wòaɖo asi gbɔgbɔ dzi o la, nenema kee ame aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe kugbe hã dzi o.+ Ale si ko womeɖea asi le ame ŋu le aʋa me o la, nenema kee nu vɔ̃ɖi wɔwɔ maɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo o.*

  • Nyagblɔla 9:2
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 2 Nu ɖeka tɔgbi ye dzɔna ɖe amewo katã dzi,+ ɖe ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dzi,+ ɖe ame nyui kple ame dzadzɛ kpakple ame si mele dzadzɛ o dzi, ɖe ame siwo saa vɔ kple ame siwo mesaa vɔ o siaa dzi. Nu nyui wɔla kple nu vɔ̃ wɔla sɔ; ame si kaa atam kple ame si ɖɔa ŋu ɖo hafi kaa atam la sɔ.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe