-
2 Fiawo 22:18, 19Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
18 Ke ale miagblɔ na Yuda-fia si dɔ mi ɖa be miabia gbe Yehowa lae nye esi, “Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ nye esi: ‘Le nya siwo nèse ŋu la, 19 esi mèsẽ dzi me o, ke nèbɔbɔ ɖokuiwò+ le Yehowa ŋkume esime nèse nya si megblɔ ɖe teƒe sia kple emenɔlawo ŋu be woƒe nu awɔ moyaa na ame, eye woazu ɖiŋudonu, eye nèdze wò awuwo+ hefa avi le ŋkunyeme ta la, nye hã mesee,’ Yehowa ye gblɔe.
-
-
Psalmo 22:24Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
Eye esi wòdo ɣli nɛ be wòaxɔ na ye la, esee.+
-
-
Luka 18:13, 14Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
13 Gake adzɔxɔla ya le tsitre ɖe adzɔge ke, eye medi be yeawu mo dzi teti hã akpɔ dziƒo o, ke boŋ ele akɔta ƒom le gbɔgblɔm be, ‘Oo, Mawu, kpɔ nublanui na nye, ame si nye nu vɔ̃ wɔla.’+ 14 Mele egblɔm na mi be, ame sia trɔ yi aƒe me, eye wobui ame dzɔdzɔe wu Farisitɔ ma.+ Elabena ame sia ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, ke ame si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.”+
-