15 Eye Mawu gagblɔ na Mose be:
“Ale nàgblɔ na Israel-viwoe nye esi: ‘Yehowa, mia tɔgbuiwo ƒe Mawu, Abraham ƒe Mawu,+ Isak ƒe Mawu+ kple Yakob ƒe Mawu+ lae dɔm ɖe mia gbɔ.’ Esiae nye nye ŋkɔ tegbee,+ eye esiae woatsɔ aɖo ŋku dzinye tso dzidzime yi dzidzime.