-
Dɔwɔwɔwo 2:25-28Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
25 Elabena David gblɔ le eŋu be: ‘Metsɔa Yehowa* ɖoa ŋkunyeme ɖaa, elabena ele nye ɖusime, be magaʋã akpɔ o. 26 Esia tae nye dzi kpɔ dzidzɔ, eye nye aɖe tso aseye. Eye manɔ* mɔkpɔkpɔ me; 27 elabena màgblẽm* ɖe Tsiẽƒe* o, eye màɖe mɔ be ame si wɔa nuteƒe na wò la nanyunyɔ o.+ 28 Èna menya agbemɔ la; àtsɔ dzidzɔ gã aɖi ƒo nam le ŋkuwòme.’+
-