-
Dɔwɔwɔwo 13:34-37Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
34 Eye nyateƒenya si wònye be Efɔe ɖe tsitre tso ku me ale be magazu ŋutilã si nyunyɔna akpɔ o la, Egblɔe ale: ‘Maɖe lɔlɔ̃ mavɔ si ŋugbe medo na fia David, si ŋu kakaɖedzi le la, afia mi.’+ 35 Esia tae psalmo bubu gblɔ be: ‘Màɖe mɔ ame si wɔa nuteƒe na wò la nanyunyɔ o.’+ 36 David subɔ Mawu hewɔ eƒe lɔlɔ̃nu le eŋɔli, eye wòdɔ alɔ̃ le ku me, wotsɔe mlɔ tɔgbuiawo gbɔ, eye wònyunyɔ.+ 37 Ke ame si Mawu fɔ ɖe tsitre ya menyunyɔ o.+
-