-
Yosua 4:5-7Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
5 eye Yosua gblɔ na wo be: “Miyi Yehowa mia Mawu ƒe Aɖaka la ŋgɔ le Yordan titina, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nakɔ kpe ɖeka ɖe abɔta, ɖe Israel-viwo ƒe toawo ƒe xexlẽme nu, 6 ne woanye dzesi le mia dome. Ne mia viwo* va bia mi gbe aɖe gbe be: ‘Nu ka tae kpe siawo le afii?’+ mahã la, 7 migblɔ na wo be: ‘Elabena Yordan me tsiawo nu tso le Yehowa ƒe nubablaɖaka+ la ŋgɔ. Esi wòto Yordan me la, Yordan me tsiawo nu tso. Kpe siawo anye ŋkuɖodzinu na Israel-viwo ɖaa.’”+
-