INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • 5 Mose 15:7, 8
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 7 “Ne nɔviwòwo dometɔ aɖe da ahe le mia dome le wò du aɖe me, le wò anyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ le nawòm dzi la, mègasẽ wò dzi me alo amia asi me ɖe nɔviwò dahe la o.+ 8 Ke boŋ nàʋu wò asi me nɛ dɔmenyotɔe,+ eye nàdo nu sia nu si hiãe, si mele esi o la nɛ.

  • Psalmo 41:1
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 41 Dzidzɔtɔe nye ame si bua ame tsɛ ŋu;+

      Yehowa axɔ nɛ le xaxaɣi.

  • Lododowo 19:17
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 17 Ame si vea ame dahe nu la le nu dom na Yehowa,+

      Eye aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ.+

  • Luka 6:34, 35
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 34 Eye ne miedoa nu* na ame siwo miekpɔa mɔ be woaxee na mi la, kafukafu kae wònye na mi?+ Nu vɔ̃ wɔlawo kura gɔ̃ hã doa nu na nu vɔ̃ wɔlawo hekpɔa mɔ be woava xee ɖe eteƒe na yewo pɛpɛpɛ. 35 Ke boŋ miyi edzi mialɔ̃ miaƒe futɔwo, eye miwɔ nyui, mido nu na ame, eye miganɔ mɔ kpɔm be woaxee ɖe eteƒe na yewo o;+ ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo, elabena enyoa dɔme na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.+

  • Dɔwɔwɔwo 20:35
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 35 Le nuwo katã me la, meɖee fia mi be miawɔ dɔ sesĩe alea+ akpe ɖe ame siwo gbɔdzɔ la ŋu, eye be Aƒetɔ Yesu ƒe nya siawo nanɔ susu me na mi, esi eya ŋutɔ gblɔ be: ‘Dzidzɔ geɖe le nunana me+ wu nuxɔxɔ.’ ”

  • Hebritɔwo 13:16
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
    • 16 Eye migaŋlɔ nyuiwɔwɔ kple nunana amewo hã be o,+ elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu ŋutɔ.+

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe